Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzudzɔgbe la.

1 Eye Mose ƒo Israel-viwo ƒe ha blibo la nu ƒu, eye wogblɔ na wo bena: Esiawo nye se, siwo Yehowa de, be miawɔ la.

2 Ŋkeke ade miawɔ dɔ, ke miaɖu ŋkeke adrelia kɔkɔe, dzudzɔgbee wònye na Yehowa, amesiame, si awɔ dɔ le edzi la, woawui.

3 Migado dzo ɖe miaƒe aƒea ɖeke me le dzudzɔgbe la dzi o.


Nudzɔdzɔ faa hena agbadɔ la tutu.

4 Eye Mose gblɔna Israel-viwo ƒe ha blibo la bena: Ale Yehowa de se gblɔ enye si:

5 Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa Amesiame, si lɔ tso dzime faa la, nadza nu na Yehowa: sika, klosalo kple akɔbli;

6 aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze, ɖeti ɣi kple gbɔ̃fuwo;

7 agbogbalẽ, si wode ama dzi, nyogbalẽ kple xé;

8 akaɖimemi, ami ʋeʋẽe sisia kple dzudzɔdotike ʋeʋẽwo,

9 soham-kpe kple kpe xɔasiwo, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu.

10 Eye mia dometɔ, siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le la, nava awɔ nusiwo katã Yehowa ɖi la.

11 Woawo nye: nɔƒe la kple eƒe agbadɔ, etamegbanu, eŋu ganuviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo:

12 aɖaka la kple eŋu kpoawo, nutsyɔnu la kple xɔmetsovɔ la;

13 kplɔ̃ la kple eŋu kpoawo kpakple eŋu nuwo katã kple ŋkumeɖobolo la;

14 akaɖiti la, eŋu nuwo kple akaɖigbɛawo kpakple ami hena akaɖi la;

15 dzudzɔdovɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple dzudzɔdotike ʋeʋẽe kpakple agbadɔnuvɔ;

16 numevɔsamlekpui la kple eŋu dzrala, si wotsɔ akɔbli wɔe, eŋu kpoawo kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ;

17 kpɔ ŋuti vɔwo, kpɔtiawo kple woƒe afɔwo, kple agbonuvɔ,

18 agbadɔ ŋu tsyotiwo kple kpɔ ŋu tsyotiwo kpakple woƒe atagbiawo;

19 atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ asubɔ le kɔkɔeƒe, kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe susɔeawo kpakple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woazu nunɔlawo asubɔm.

20 Emegbe Israel-viwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ.

21 Eye amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la kple eŋu dowo katã kpakple awu kɔkɔeawoe.

22 Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, tsɔ alɔnugawo, togɛwo, asigɛwo, sikakɔdzonuwo kple sikatsyɔ̃nu vovovowo vɛ. Eye amesiame tsɔ sika wɔ adzɔgbeɖenui na Yehowa.

23 Amesiame tsɔ nusi le esi la ve; aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, gbɔ̃fuwo, agbogbalẽ, si wode ama dzie kple nyogbalẽ.

24 Amesiame, si di be, yeana klosalo kple akɔbli la, dzɔ wo na Yehowa, eye amesiame, si si xé le la, tsɔe vɛ hena ɖɔ vovovoawo wɔwɔ.

25 Nyɔnu, siwo nya ɖetitetre, tsɔ asi tre aɖabe blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ɖeti dze kple ɖeti ɣi hetsɔ ve.

26 Nyɔnu, siwo katã aɖaŋu le tagbɔ na la, tre gbɔ̃fuwo.

27 Amegãwo tsɔ soham-kpe kple kpe xɔasiwo vɛ, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu;

28 akaɖimemi, ami ʋeʋẽe sisia kple dzudzɔdotike ʋeʋẽe.

29 Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Aɖanuwɔlawo yɔyɔ.

30 Eye Mese gblɔ na Israel-viwo bena: Mikpɔ ɖa. Yehowa tia Bezaleel, Uri viŋutsu, si enye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me,

31 eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fiã nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũ,

32 bena wòabu tame anya, alesi wowɔa sika, klosalo kple akɔbli ŋu dɔe:

33 anya, alesi wòadze kpe hena nuwo me dede, eye wòanya, alesi wòadze ati hena adaŋu vovovowo wɔwɔ.

34 Eye wòde nunya tame na eya kpakple Oholiab, Axisamak ƒe viŋutsu tso Dan-to la me, bena woate ŋu afia nu.

35 Etsɔ aɖaŋu de woƒe tame fũ, bena woate ŋu abu tame awɔ ɖɔ ƒomevi vovovowoe, woanya alesi woakpa aɖaŋunu vovovowoe, alesi woalɔ̃ aɖaŋuvɔe, eye woanya alesi woatso aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi alɔ avɔ ƒomevi vovovowoe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan