Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose nakpa kpe yeye eve.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpe kpe eve nyuie abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ kpe gbãtɔ, siwo negbã la, ƒe nyawo ɖe wo dzi.

2 Dzra ɖo vaseɖe etsɔ, eye etsɔ ŋdi la nalia Sinai-to la, eye nanɔ dzɔyem le to la tame.

3 Amea ɖeke malia to la kpli wò o, eye womakpɔ amea ɖeke le to blibo la dzi o; alẽwo kple nyiwo hã maɖu gbe le to sia gbɔ o.

4 Eye Mose kpɔ kpe ete nyuie abe gbãtɔwo ene, eye wòfɔ ŋdi kanya helia Sinai-to la, abe alesi Yehowa de se ne ene, eye wotsɔ kpe eveawo ɖe asi.


Yehowa vi to Mose ŋuti yi.

5 Eye Yehowa ɖi va le alilikpo me, eye wòtsi tre ɖe egbɔ le afima, eye woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ.

6 Eye Yehowa va to eŋuti yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ,

7 amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.

8 Tete Mese wɔ kaba tsyɔ mo anyi, eye wodo gbe ɖa

9 gblɔ bena: Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema meɖe kuku be, Aƒetɔ ŋutɔ nanɔ mia dome ayi, elabena dukɔ kɔ lialiatɔ wònye, eyata tsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ke mi, eye naxa mí awɔ tɔwòe.


Yehowa na se ewo Israel-dukɔ.

10 Eɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò le wò dukɔ blibo la ŋku me, eye mawɔ nukunu, siwo womewɔ le anyigba blibo la dzi kple dukɔwo katã dome kpɔ o la: eye dukɔ blibo, si dome nèle la, akpɔ Yehowa ƒe nukunuwo, elabena nusi mawɔ kpli wò la, adzi ŋɔ.

11 Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.

12 Kpɔ nyuie, bena magabla nu kple anyigbadzitɔ, siwo gbɔ nava la o, be womaganɔ mia dome atrɔ zu mɔ na mi o.

13 Ke boŋ mímu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye milã woƒe Aseratiwo ƒu anyi.

14 Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.

15 Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo,

16 eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.

17 Megake mawu na ɖokuiwò o!

18 Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.

19 Nusianu, si aʋu dɔnu na dada la, tanyee; lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu, eɖanye nyi alo alẽ o, tanyee.

20 Ke natsɔ alẽ èɖuɖɔ tedzi ƒe ŋgɔgbevii, ne mèɖudɔe o la, naŋe kɔ nɛ. Ɖuɖɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo katã ta. Womava ŋkunye me asi gbɔlo o.

21 Ŋkeke ade nawɔ da, ke nadzudzɔ le ŋkeke adreagbe; eɖanye agbleŋlɔɣi alo nuŋeɣi o, dzudzɔ ɖokuiwò.

22 Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.

23 Wò ŋutsuwo katã nava Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.

24 Manyã dukɔwo le ŋgɔwò, eye makeke wò liƒowo ɖe nu; ke ne èyi Yehowa wò Mawu ƒe ŋku me zi etɔ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro amea ɖeke o.

25 Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megagblẽ ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalã ɖi ŋu nake ɖe edzi o.

26 Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.

27 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nya siawo ɖi; elabena nya siawo dzi mebia nu kpli wò kpakple Israel-viwo ɖo.

28 Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


Mose ƒe mo klẽ.

29 Esi Mose di tso Sinai-toa dzi la, kpe eveawo, siwo dzi sea le la, le esi. Esi Mose ɖi tso toa dzi la, menyae bena, esi wòƒo nu kple ye la, yeƒe mo de asi keklẽ me o.

30 Eye esi Aron kple Israel-viwo katã kpo bena, Mose ƒe mo le keklẽm la, wole vɔvɔ̃m na tete ɖe eŋu.

31 Tete Mese ya wo ɖa, eye Aron kple ameha la fe amegãwo katã gatrɔ va agbo, eye Mose ƒo nu kple wo.

32 Emegbe Israel-viwo katã te va, eye wòde se, siwo katã Yehowa gblɔ nɛ le Sinai-toa dzi la, na wo.

33 Esi Mose ƒo nu kpli wo vo la, etso nu tsyo ŋku me.

34 Eye ne Mose yi Yehowa ƒe ŋku me, be wòaƒo nu kplii la, eɖea nu la le ŋku me, vaseɖe esime wòdoa go; eye ne edo go la, egblɔa se, siwo wode nɛ la, na Israel-viwo.

35 Ke ne Israel-viwo kpɔ Mose ƒe mo wòle keklẽm la, Mose gatsyɔa nu ŋku me, vaseɖe esime wòagayi nu ƒo ge kplii.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan