Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose gaɖe kuku ɖe dukɔ la ta.

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Heyi, eye mia kple dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, miadzo le afisia ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob gblɔ bena: woƒe dzidzimeviwo màtsɔe ana la dzi!

2 Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,

3 akplɔ mi ayi anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi. Nyemanɔ mia dome ayi kpli mi o, elabena dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne nyemagatsrɔ̃ mi le mɔ dzi o.

4 Esi dukɔ la se ŋɔdzinya sia la, wode asi konyifafa me, eye amea ɖeke megaɖe atsyɔ̃ o.

5 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.

6 Tete Israel-viwo ɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi tso Xoreb-to la gbɔ.

7 Eye Mose tsɔ agbadɔ la tu de asaɖa la godo le adzɔge, eye wòyɔe be Mawu ƒe agbadɔ. Amesiame, si di be, yeabia nu Yehowa la, doa go va Mawu ƒe agbadɔ, si le asaɖa godo la gbɔ.

8 Eye ne Mose yina ɖe agbadɔ la gbɔ la, dukɔ blibo la tsia tre, eye amesiame nɔa eƒe agbadɔ nu henɔa Mose yome kpɔm ɖa, vaseɖe esime woɖoa agbadɔ la gbɔ.

9 Ne me da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o. Mose yi ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodoa ɖe ɖina va nɔa agbadɔ la nu, eye wòƒoa nu kple Mose.

10 Eye ne dukɔ blibo la kpɔ alilikpo dodo la le agbadɔa nu la, dukɔ la katã tsia tre, eye amesiame dea ta agu ɖe eƒe agbadɔ nu.

11 Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.

12 Eye Mose gblɔ na Yehowa bena Kpɔ ɖa, woe gblɔ nam bena: kplɔ dukɔ sia, gake mena, menya, amesi nedo kpe ɖe ŋunye o, wò, ye egblɔ bena menya wò kple wò ŋkɔ, eye meve nuwò hafi.

13 Ne evɔ nunye vavã la, ekema na manya wo mɔwo, eye madze si wò be eve nunye. Kpɔ ɖa, amena siawo mewo dukɔ la.

14 Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.

15 Exɔ dzi nɛ bena: Ne wò ŋutɔ manɔ me o la, ekema megakplɔ mí tso afisia yii o.

16 Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?

17 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mawɔ nya, si negblɔ la hã dzi, elabena meve nuwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.


Mose ɖi bena, yeakpɔ Yehowa te ŋutikɔkɔe.

18 Eɖo ŋu bena Meɖe kuku, na makpɔ wo ŋutikɔkɔe la!

19 Exɔ dzi bena: Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le, ŋgɔwò. Amesi nu medi be, mave la, eya nu mave, eye amesi ke meɖi be, makpɔ nublanui na la, eya makpɔ nublanui na.

20 Eye wògagblɔ bena: Mate ŋu akpɔ nye ŋku me o, elabena amea ɖeke makpɔm aganɔ agbe o.

21 Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, teƒea ɖe le gbɔnye, va tsi tre ɖe agakpe la dzi.

22 Ne nye ŋutikɔkɔe tso me yina la, ekema maɣla wò ɖe agakpe la to me, eye matsɔ nye asi abu dziwò, vaseɖe esime matso me ayi.

23 Ne meɖe nye asi le dziwò la, ekema akpɔ yonyeme da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan