Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sikanyivi la.

1 Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.

2 Aron gblɔ na wo bena: Miɖe sikatɔgɛ, siwo le mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ƒe towo, eye mitsɔ wo vɛ nam.

3 Tete dukɔ blibo la ɖe sikatogɛ, siwo le woƒe towo, eye wotsɔ wo vɛ na Aron.

4 Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.

5 Esi Aron kpɔe la, eɖi vɔsamlekpui ɖe eŋgɔ. Eye Aron do kpo bena: Etsɔ enye ŋkekenyuie na Yehowa!

6 Esi wòtɔ ŋdi la, wome numevɔsawo, eye wotsɔ akpedavɔsawo ve, eye dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, ɖu nu, eye wono nu. Emegbe wotsi tre de asi fefe me.

7 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Tso, ɖi yi; elabena wo dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, wɔ nu gbegblẽ.

8 Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.

9 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye.

10 Eyata na nye dɔmedzoe nabi ɖe wò ŋu, be matsrɔ̃ wo, eye mawɔ wò natrɔ zu dukɔ gãa ɖe.

11 Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?

12 Nukaŋuti Egiptetɔwo agblɔ bena: Dzɔgbevɔ̃e didi na wo ta wòkplɔ woyii ɖo, bena wòa wu wo le towo domee, eye woatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba ŋku me? Na wò dome nata, eye naɖe asi le vɔ̃, si neɖo ɖe wò dukɔ ŋuti la ŋu.

13 Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.

14 Eye Yehowa ɖe asi le vɔ, si wòɖo ɖe eƒe dukɔ ŋuti la ŋu.

15 Eye Mose trɔ heɖi tso to la dzi, eye kpe eve, siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo la, le esi; woŋlɔ nu ɖe kpeawo ƒe axawo kple eve.

16 Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye Mawu ŋutɔe ŋlɔ nuawo ɖe wo dzi.

17 Esi Yosua se dukɔ la ƒe ɣli la, egblɔ na Mose bena: Aʋaɣli le ɖiɖim le asaɖa la me!

18 Eɖo ŋu bena: Menye dziɖuɖuseye kple aʋasiɣli sem mele o, ke boŋ hadzidzi sem mele.


Mose do dɔmedzoe ɖe dukɔ la ƒe nyivi subɔsubɔ ŋuti.

19 Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.

20 Eye; wòxɔ nyivi, si wowɔ la, eye wofiãe. Kple dzo hetui memee, emegbe woɖee tsi me, eye wòna Israel-viwo noe.

21 Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?

22 Aron do ŋu bena: Nye aƒetɔ, megado dɔmedzoe o; wò ŋutɔ enye dukɔ sia bena, ame gbegblẽwo wonye.

23 Wogblɔ nam bena: Wɔ mawu na mi, si azɔ mia ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ m, tso Egipte-nyigba dzi la, mienya nuka gɔ wɔe o.

24 Megblɔ na wo bena: Amesi ke si sika le la, netsɔe vɛ nam. Tete wotsɔe vɛ nam, eye medee dzo me ko wòtrɔ zu nyivi.

25 Esi Mose kpɔ bena, dukɔ la wɔ yakanu, elabena Aron ye do lã wo, be woƒe futɔwo naɖu fewu le wo ŋu la,

26 Mose tsi tre ɖe asaɖa la ƒe agbo nu gblɔ bena: Amesi ke le Yehowa dzi, neva gbɔnye afi! Tete Lewi-viwo katã ƒo ƒu va egbɔ.

27 Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la gblɔ esi: Ŋutsu sia ŋutsu nesa eƒe yi ɖe ali; mige ɖe asaɖa la me, tso afi yi afi, tso agbo nu yi agbo nu, eye amesiame nawu nɔviaŋutsu, xɔlɔ̃via kple eƒe ƒometɔwo.

28 Eye Lewi-viwo wɔe ɖe Mose ƒe nya la nu, eye anɔ ŋutsu akpe etɔ ku le dukɔ la dome gbemagbe.

29 Eye Mose gblɔ bena: Mitsɔ vɔsanu vɛ na Yehowa, bena yayra nava mia dzi egbea; elabena ŋutsu sia ŋutsu tsi tre ɖe viaŋutsu kple nɔvia ŋu.


Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.

30 Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eyata malia to la ayi Yehowa gbɔ, ɖewo mate ŋu alé avu ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta mahĩ.

31 Eye Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ bena: Ao, taflatse, dukɔ sia wɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, elabena wotsɔ sika wɔ mawui na wo ɖokui.

32 Meɖe kuku, tso woƒe nuvɔ̃wo ke wo, ne menye nenem o la, ekema ɖeko natutu nye hã nye ŋkɔ ɖa le agbalẽ, si nèŋlɔ la me.

33 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Amesi wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me.

34 Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.

35 Eye Yehowa ho to na dukɔ la, elabena wona Aron wɔ nyivi na wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan