Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzudzɔ vɔsamlekpui.

1 Tso xe wo vɔsamlekpui, si dzi wòado dzudzɔ ɖo.

2 Eƒe didime nanye abɔklugui ɖeka, eƒe kekeme nanye abɔklugui ɖeka, dzogoe ene me wòanɔ, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui eve; eƒe dzowo nawɔ ɖeka ɖe eŋu.

3 Fa sika nyuitɔ ɖe eŋuti, etame kple ekɔgo godoo va kpe kpakple eƒe dzowo ŋu, eye natsɔ sika nyuitɔ ado atsiã ɖe eŋu aƒo xlãe.

4 Eye nawɔ sikasigɛ eveve ɖe eƒe axawo kple eve dzi le atsiãdodo la te, bena woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me akɔe.

5 Tsɔ xe kpa kpoawo, eye nafa sika ɖe wo ŋu.

6 Eye natsɔe ada ɖe nubablaɖaka, si dzi nutsyɔnu la le, afisi maɖe ɖokuinye afia wò le la, kasa le xɔmetsovɔ la ŋgɔ.

7 Eye Aron natsɔ atike ʋeʋẽe ado dzudzɔ ɖe edzi, ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖigbɛawo ɖo la, wòado dzudzɔ.

8 Eye ne Aron si akaɖigbɛawo le fiẽ la, wòagado dzudzɔ Esia anye dzudzɔvɔsa le Yehowa ƒe ŋku me, hena miaƒe dzidzimeviwo tegbee.

9 Migatsɔ dzudzɔdonu bubua ɖeke va edzi migatsɔ numevɔsa alo nuɖuvɔsa va edzi o, eye migakɔ nunovɔsa hã ɖe edzi o.

10 Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


Gadzɔdzɔ ɖe agbadɔ la ŋu.

11 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena;

12 Ne ètia Israel-viwo xlẽ la, ekema amesiwo netia la, naxe fe ɖe woƒe agbe ta, bena dɔ vɔ̃ɖia ɖeke magaɖo wo dome, le esi woxlẽ wo la ta o.

13 Amesiwo woxlẽ la dome ɖesiaɖe nadzɔ sekel kɔkɔe atãafã. Gera blave enye sekel kɔkɔe ɖeka. Sekel afãafã wòadze na Yehowa.

14 Amesiame, si wotia, eye wòxɔ ƒe blave alo wu nenema la, nadzɔ nu na Yehowa.

15 Kesinɔtɔ mana awu o, eye ame dahe maɖe ɖeke le edzi o; sekel afãafã wòadze na Yehowa ɖe woƒe agbe ta.

16 Eye nagblẽ ga, si Israel-viwo na ɖe woƒe agbe ta la, ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, bena wòanye ŋkuɖodzinu kple avulénu na Israel-viwo le Yehowa ƒe ŋku me.


Akɔblitsileze.

17 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

18 Tsɔ akɔbli wɔ tsileze, eye natsɔ akɔbli ke aɖo zɔ ɖe egɔme; eye nadae ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la domee, eye nakɔ tsi ɖe eme.

19 Eye Aron kple viaŋutsuawo naklɔ woƒe asiwo kple afɔwo le eme.

20 Ne wole Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, woale tsi hafi, bena womagaku o, alo ne wole tete ge ɖe vɔsamlekpui la ŋu, bena woado dzo asa vɔ na Yehowa la.

21 Woaklɔ asiwo kple afɔwo, bena womagaku o; eye wòanye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.


Ami kɔkɔe la.

22 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

23 Tsɔ atike nyuitɔ, siwo ʋẽna lilili, lifi lãhɛtɔ sekel alafa atɔ, botsyo sekel alafa eve blaatɔ̃, si nye gbãtɔ ƒe afã, gbekee sekel alafa eve blaatɔ̃,

24 kotoklobo sekel kɔkɔe alafa atɔ̃ kple dzomi hin ɖeka:

25 eye natsɔ wo awɔ ami kokoe lae, abe alesi ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene; ami ʋeʋẽe kɔkɔe wòanye.

26 Eye nasii ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple nubablaɖaka la,

27 kplɔ̃ la kple eŋu nuwo, akaɖiti la kple eŋu nuwo, kple dzudzɔdovɔsamlekpui la,

28 numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo kpakple tsileze la kple eƒe zɔ ŋuti.

29 Wɔ wo kɔkɔe, bena woanye nu kɔkɔetɔwo, nusianu, si aka wo ŋuti la, azu kɔkɔe.

30 Eye nasi ami na Aron kple viaŋutsuawo awɔ wo kɔkɔe, bena woazu nunɔlawo asubɔm.

31 Gblɔ na Israel-viwo bena: Ami kɔkɔe wòanye nam le miaƒe dzidzimeviwo dome.

32 Womasii na ame bubua ɖeke o, eye womawɔ etɔgbe hã o, elabena nu kɔkɔe wònye, eye nu kɔkɔe wòanye na mi.

33 Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Dzudzɔ ʋeʋẽe donu.

34 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Tsɔ atike, siwo ʋẽna lilili, siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo; woada wo katã sɔsɔe.

35 Eye natsɔ wo awɔ dzudzɔ ʋeʋẽe donui; natɔtɔ wo, abe alesi atike ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene; nade dze eme, eme nadza, eye woabui kɔkɔe.

36 Eye natu eƒe ɖe memee ada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, afisi maɖe ɖokuinye afia wò le; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wòanye na mi.

37 Migawɔ dzudzɔdonu, si nawɔ la, tɔgbea ɖeke o, ke boŋ miabui kɔkɔe na Yehowa.

38 Ne amea ɖe wɔ etɔgbe, be yeaʋẽ ase la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan