2 Mose 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu dɔ Mose. 1 Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ. 2 Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o. 3 Tete Mose gblɔ bena: Mate ɖe eŋu, ne makpɔ nukpekpe gã sia ɖa, nusi ŋuti ŋuve la mele fiefiẽm o ɖo. 4 Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si! 5 Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee! 6 Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm. 7 Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo. 8 Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le. 9 Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la, 10 eyata mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nakplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte. 11 Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte? 12 Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi. 13 Eye Mose gblɔ na Mawu bena: Ne meva Israel-viwo gbɔ, eve megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm do de mia gbɔ, eve woabiam bena eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na wòe? 14 Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ; 15 esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ. 16 Heyi, ne naƒo Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo nu fu, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, de eɖokui liam gblɔ bena: Medo ŋku mia dzi, eye mekpɔ nusi dzɔ de mia dzi le Egipte. 17 Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. 18 Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la. 19 Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi. 20 Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi. 21 Eye mana Egipte-tɔwo nave dukɔ sia nu, bena ne miele dzodzo ge la, miayi asi gbɔloe o; 22 ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana