Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔla kple vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.

1 Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,

2 eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.

3 Tsɔ wo de kusi me, eye woatsɔ woa kple kusi la vɛ, eye nakplɔ nyitsu la kple agbo eveawo vɛ.

4 Eye na bena, Aron kple viaŋutsuawo nate va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye nale tsi na wo.

5 Fɔ awua wo vɛ, eye nado awutewui ʋlaya la kple dziwui la kpakple kɔmewu la na Aron; gba wo dzi nɛ kple akɔgbanu, eye natsɔ akɔtaɖonu la aɖo eŋu.

6 Bla tablanu la nɛ, eye natsi ŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu.

7 Tso ami ko ɖe eƒe tame, eye nasi ami ne.

8 Emegbe nana viaŋutsuawo nate va, eye woaɖo awutewui ʋlayawo.

9 Bla ali dzi na wo, Aron ŋutɔ kple viaŋutsuawo, eye nabla tablanu la na wo, bena nunɔladɔ nazu wo to tegbee. Ale naɖo Aron kple viaŋutsuawo enye si;

10 He nyitsu la va Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuawo natsɔ woƒe asiwo aɖe nyitsua ƒe tame.

11 Eye nawu nyitsu la le Yehowa ƒe ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

12 Eye nade asibide nyitsu la ƒe ʋu me asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke natsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.

13 Eyome naɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu kple aklã ŋuti nuwo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋuti nuwo, eye nata dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi.

14 Ke natɔ dzo nyitsu la ƒe lã, eƒe agbalẽ kple dɔmemiwo le asaɖa la godo; elabena nuvɔ̃ ŋuti vɔsae.

15 Emegbe nahe agbo ɖeka vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe agbo la ƒe tame,

16 eye nawu agbo la atsɔ eƒe ʋu awu ɖe vɔsamlekpui la dzi godoo ava kpe.

17 Eyome nafli agbo la ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo, eye nakpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye natsɔ wo ada ɖe eƒe akpa mamleawo kple la dzi.

18 Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.

19 Emegbe nahe agbo evelia vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe agbo la ƒe tame.

20 Eye nawu agbo la atsɔ eƒe ʋu asisi ɖe Aron kple viaŋutsuawo ƒe nuɖusi togboewo, nuɖusi-degblefetsuwo kple nuɖusifɔ-degblefetsuwo ŋu, eye natsɔ ʋu mamlea awu ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

21 Eye natsɔ ʋu, si le vɔsamlekpui dzi, kple ami awu ɖe Aron ŋutɔ kple eƒe awuawo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋu, bena eya ŋutɔ kple eƒe awuwo, viaŋutsuawo kple woƒe awuawo ŋuti nakɔ.

22 Eyome naɖe ami, siwo le agboa ŋu; ɖe asike la kple eŋu miwo, ami, siwo le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple nuɖusita; elabena ameɖoɖo ƒe agboe.

23 Eye natsɔ abolo bɔbɔ ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka, siwo nye nu maʋamaʋãwo le Yehowa ŋku me la, le kusia me,

24 eye natsɔ nuawo katã ade asiƒome na Aron kple viaŋutsuawo, eye nanyè nuawo le Yehowa ƒe ŋku me.

25 Emegbe naxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye natɔ dzo wo, bena woaʋẽ lilili de Yehowa. Yehowa ƒe dzo wònye.

26 Ɖe agbo, si wowu hena Aron ɖoɖo la ƒe akɔ, eye nanyee le Yehowa ƒe ŋku me, emegbe woazu towò.

27 Kɔ agbo, si wowu hena Aron kple viaŋutsuawo ɖoɖo la, ƒe akɔ kple ata, siwo wonye la ŋuti,

28 bena woanye Aron kple viaŋutsuawo to, eye wòanye ɖoɖo na Israel-viwo tegbee, elabena asidzɔe. Eye wòanye adzo, si Israel-viwo ana Yehowa tso woƒe akpedavɔsawo me.

29 Aron ƒe awu kɔkɔeawo nazu viaŋutsu, siwo ana eteƒe la tɔ, eye woano wo ŋu, hafi wòasi ami na wo, eye woaɖo wo.

30 Viaŋutsuwo dometɔ, si azu nunɔla ɖe eteƒe, amesi ayi Mawu ƒe agbadɔ la me, bena wòasubɔ le kɔkɔeƒea la, nadoe ŋkeke adre sɔŋ.

31 Ke naɖa agbo, si wowu hena ameɖoɖo la, ƒe lã le teƒe kɔkɔe la

32 Eye Aron kple viaŋutsuawo naɖu agbolã la kple abolo, siwo le kusia me la, le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

33 Ale woaɖu nusi wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa hafi ɖo wo, eye wowɔ wo kɔkɔe la; ke ame bubua ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.

34 Ne ameɖovɔsalã la kple abolo la ƒe ɖe tsi anyi ŋu ke ɖe edzi la, ekema woatɔ dzoe; womaɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.

35 Wɔ na Aron kple viaŋutsuawo pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene: ŋkeke adre sɔŋ naɖo wo.

36 Gbesiagbe nawu nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa, abe avulenu ene. Eye naɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu to avulénuwo meme le edzi me, eye nasi ami ne awɔe kɔkɔe.

37 Ŋkeke adre sɔŋ name avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nawɔe kɔkɔe, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ. Nusianu, si aka vɔsamlekpui ŋu la, azu kɔkɔe.


Gbesiagbe numeme.

38 Eye nusiwo namè le vɔsamlekpuia dzi, wonye esi. Gbesiagbe name alẽvi eve, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka.

39 Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.

40 Eye natsɔ dzomi hin eneliawo ɖeka adzaba wɔ memee efa ewoliawo ɖeka, eye natsɔ wein hin eneliawo ɖeka hena nunovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.

41 Mè alẽvi evelia le fiẽ me: eye nawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa, siwo kpe ɖe eŋu la, abe ŋdi tɔ ene: esia enye dzo, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.

42 Esia enye gbesiagbe numevɔsa, si miaƒe dzidzimeviwo ame le Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ƒe ŋku me, afisi maɖe ɖokuinye afia nu aƒo nu kpli mi le.

43 Afima maɖe ɖokuinye afia Israel-viwo le, eye nye ŋutikɔkɔe ana agbadɔ la ŋuti nakɔ.

44 Makɔ agbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ Aron kple viaŋutsuawo ŋuti, bena woanye nunɔlawo asubɔm.

45 Mana Israel-viwo dome, eye manye woƒe Mawu.

46 Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, bena manɔ wo dome, nye Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan