Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yehowa fia Aron kple viaŋutsuwo.

1 Eye naɖe nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo le Israel-viwo dome ava gbɔwòe, bena woazu nunɔlawo asubɔm; Aron ŋutɔ kple viaŋutsuwo: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

2 Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron, bena woade bubu eŋu, eye woaɖo atsyɔ nɛ.

3 Eye gblɔ na amesiwo katã mede nunya tagbɔ na, eye wònya adaŋu la bena, woatɔ Aron ƒe awuawo, ne woaɖoe nunɔla, be wòasubɔm.


Nunɔlawo ƒe awuwo.

4 Nusiwo woatɔ wonye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, si wotsɔ deti ɣi lɔ̃e, tablanu kple alidziblanu; eye woatɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, be woazu nunɔlawo asubɔm.

5 Eye woawɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple deti ɣi ŋu dɔ.


Nunɔlawo ƒe kɔmewu.

6 Eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩto ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti yi dada alɔ̃ kɔmewu lae.

7 Woaɖe nu eve de kɔmewu la ƒe abɔtawo kple eve ŋu, bena woate ŋu akpee.

8 Eye woatso avɔ ma tɔgbe, si wotsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada lɔ̃e la, awɔ akɔgbanu ɖe eŋu.

9 Emegbe natsɔ soham-kpe eve aɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi;

10 naɖe ŋkɔ ade ɖe kpe ɖeka dzi, eye ŋkɔ ade hã ɖe kpe evelia dzi ɖe woƒe toawo nu.

11 Kpekpalawo nakpae, eye ŋkɔɖelawo nata Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi, eye woawɔ sika ɖe wo ŋu aƒo xlãe.

12 Eye natsɔ kpe eveawo aɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo, hena ŋkuɖoɖo Israel-viwo dzi, eye ŋkɔawo nanɔ Aron ƒe abɔta le Yehowa ƒe ŋku me abe ŋkuɖoɖodzi ƒe dzesi ene.

13 Eyome natsɔ sikaka aƒo gboe.

14 Eye natsɔ ka, si wotsɔ sika nyuitɔ gbee la, awɔ kɔsɔkɔsɔ eve, eye natɔ kɔsɔkɔsɔawo ɖe gboawo ŋu.


Akɔtaɖonu la.

15 Eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ kɔmewu ƒe avɔ tɔgbe hena akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la.

16 Nawɔe ɖe dzogoe ene me, eye naŋe eme ɖe eve, eƒe didime nanye asi ɖeka, eye kekeme hã nanye asi ɖeka.

17 Eye natsɔ kpe xɔasiwo aɖo eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nanye karneol, topas kple smaragd;

18 agbaka evelia nanye rubin, safir kple oniks,

19 agbaka etɔ̃lia nanye ligurio, axat kple ametist,

20 eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Eye woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu akpe ɖo.

21 Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

22 Eye tsɔ ka, si wotsɔ sika nyuitɔ gbee la, wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu.

23 Emegbe natu sikasigɛ eve hena akɔtaɖonu la, eye natɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi,

24 eye nade sikakɔsɔkɔsɔ eveawo asigɛawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoeawo dzi.

25 Eyome nade kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye natɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo, le ŋgɔ.

26 Eye natu sikasigɛ eve, eye natɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve mamleawo dzi le eme gome, be wòadze akɔgbanu la dzi.

27 Emegbe nagatu sikasigɛ eve, eye natɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo to le ŋgɔ, afisi woɖe kɔme nɛ ɖo, le akɔgbanu la ƒe dziƒo gome.

28 Eye woagbe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka asa ɖe asigɛ, siwo le akɔtaɖonu la ŋuti la ŋu ahade asigɛ, siwo le kɔmewua ŋuti la me, ale be akɔtaɖonu manɔ ʋaʋãm o, eye woanɔ akɔgbanu la dzi.

29 Ne Aron yi kɔkɔeƒea la, Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nanɔ eƒe dzi dzi le akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la dzi, hena ŋkuɖoɖodzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.

30 Eye natsɔ Urim kple Tumim ade akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la me, bena ne Aron yi Yehowa ƒe ŋku me la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Israel-viwo ƒe nyametsonu nanɔ Aron ƒe dzi dzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


Aɖabɛdziwui la.

31 Emegbe natsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe alɔ̃ dziwui, si dzi woaɖo kɔmewu la ɖo.

32 Eye woaɖe kɔme nɛ ɖe titina, afisi woaƒo ta ɖo, eye avɔlɔ̃la naƒo kɔ la me to akpe, bena magadze o.

33 Eyome natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze awɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo ava kpe, eye woatsɔ sika awɔ nyawowoewo ɖe wo domee.

34 Sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka; alea woanɔ dziwui la to godoo ava kpee.

35 Eye woanɔ Aron ŋu, ne ele subɔsubɔm, eye woanɔ ɖiɖim wòase, ne eyi kɔkɔeƒe le Yehowa ŋku me alo wòɖo go, bena nagaku o.


Ŋgoblanu.

36 Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ ŋgoblanu, eye ŋkɔɖelawo nata nu ɖe dzi bena: „Kɔkɔea na Yehowa.“

37 Eye natsii ɖe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ŋuti le tablanu la ŋu le ŋgɔ.

38 Eye wòanɔ Aron ƒe ŋgonu; ale Aron naxa vodada, siwo le Israel-viwo ƒe nunanawo katã ŋu la, aƒu akɔ; eye wòanɔ eƒe ŋgonu ɖaa, bena woƒe nunanawo nadze Yehowa ŋu.


Awutewui ʋlaya, tablanu, alidzinublanu kple agbotɛ.

39 Tso ɖeti ɣi lɔ̃ awutewui ʋlaya la kple tablanu la, eye avɔlɔ̃la nalɔ̃ alidziblanu la wòano ŋɔŋɔe.

40 Eyome nalɔ̃ awutewui ʋlaya, alidziblanu kple tablanu na Aron viŋutsuwo, bena woade bubu wo ŋu, eye woaɖo atsyɔ̃ na wo.

41 Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.

42 Eye natɔ agbotɛ ɣiwo na wo, woadidi ava se ali me, bena woado ɖe woƒe ama.

43 Eye Aron kple viaŋutsuwo nadoe, ne woyina ɖe agbadɔ, si me Yehowa ɖea eɖokui fiana le la me, alo wote ɖe vɔsamlekpui la ŋu, be woasubɔ le kɔkɔeƒe la, ne maganye vodada na wo, eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋuta kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan