Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbadɔ la kple eme kuntruwo.

1 Tsɔ kuntru ewo wɔ nɔƒe la; eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ ɖetí ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze alɔ̃e, eye woalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.

2 Kuntru ɖeka ƒe didime nanye abɔklugui blave vɔ enyi, eye eƒe kekeme nanye abɔklugui ene. Dzidzeme ɖeka nanɔe na kuntruawo katã.

3 Woatɔ kuntruawo akpe ɖe wo nɔewo ŋu atɔ̃atɔ̃.

4 Eye natɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka kpukpuiwo de kuntru kpekpea ƒe go ɖeka me, nenema ke natɔe ɖe kpekpe evelia hã ƒe go ɖeka me.

5 Tɔ ka kpuspui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpeawo ƒe go ɖekaɖekawo me, eye kawo nanɔ sɔsɔ ɖeka me.

6 Eye natso sika atu ganuvi blaatɔ̃ aku kawo, eye ganuviawo nakpe kuntruawo woazu agbadɔ ɖeka.

7 Eyome natsɔ gbɔ̃fu alɔ̃ kuntru wuiɖekɛ, bena woatsɔ agba nɔƒe la tame.

8 Kuntru ɖeka ƒe didime nanye abɔklugui blaetɔ̃, eye eƒe kekeme nanye abɔklugui ene. Dzidzeme ɖeka nanɔe na kuntru wuiɖekɛawo katã.

9 Natɔ Kuntru atɔ̃ akpe vovo, eye natɔ kuntru ade hã akpe vovo, eye naŋe kuntru adelia, si le agbadɔ la ƒe ŋgɔdze la me ɖe eve.

10 Emegbe natɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpea ƒe go ɖeka me, eye nagatɔ ka kpukpui blaatɔ̃ ɖe kpekpe evelia ƒe go ɖeka me.

11 Eyome natu akɔbliganuvi blaatɔ̃, eye natsɔ ganuviawo aku kaawo, bena agbadɔ la nakpe azu ɖeka.

12 Eye agbadɔkuntru la ƒe go ɖeka si tsi edzi le agbadɔa megbe la, nadzɔ ɖe anyi atsyɔ kuntru gbãtɔwo.

13 Eye kuntru, siwo tsi edzi le agbadɔ la ƒe didime go eveawo dzi la, nadzo de anyigba abɔklugui ɖeka, bena woaxe agbadɔ la ŋu.

14 Emegbe natso agbogbalẽ, si wode ama dzi la, agba agbadɔ la, eye nagatsɔ nyogbalẽ agba edzi.


Agbadɔ la ƒe nuƒowo.

15 Esia yome natsɔ xè adze ʋuƒo, siwo woatu na agbadɔ la.

16 Ʋuƒo ɖeka ƒe didime nanye abɔklugui ewo, eye eƒe kekeme nanye abɔklugui ɖeka kple afã.

17 Eye nayrɔ ʋuƒo ɖeka gɔme wòadze eve, bena woate ŋu ali ɖe anyi. Alea nayrɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒoawo katã gɔmee.

18 Nawɔ ʋuƒowo hena agbadɔ la; ʋuƒo blave nano dziehe gome.

19 Eye natso klosalo awɔ afɔ blane ɖe ʋuƒo blaveawo te; afɔ eve nanɔ ʋuƒo ɖesiaɖe ƒe nu eveawo gɔme.

20 Eyome nawɔ ʋuƒo blave hena agbadɔ la ƒe anyiehe gome.

21 Eye natsɔ klosalo awɔ afɔ blane ɖe wo gome, afɔ eve nano ʋuƒo ɖesiaɖe gɔme.

22 Eye nadze ʋuƒo ade hena agbadɔ la ƒe axa, si le ɣedzeƒe gome.

23 Eye nagadze ʋuƒo eve hena dzogoe, siwo le agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe gome.

24 Eye woakpe wo gome kple wo tame ɖe ʋuƒoawo ŋu, bena asigɛ ɖeka nano wo ŋu. Alea woawo wo kple eve lae, eye woanɔ dzogoeawo kple eve dzi.

25 Wo katã le ʋuƒo enyi, siwo gome woawo klosalofɔ wuiade ɖo, afɔ eve nanɔ ʋuƒo ɖesiaɖe gɔme.


Gametiawo.

26 Emegbe natsɔ xé akpa gameti atɔ̃ hena ʋuƒo, siwo le agbadɔ la ƒe axa ɖeka;

27 gameti atɔ̃ hã na ʋuƒo, siwo le agbadɔ la ƒe axa evelia, kpakple gameti atɔ̃ hena ʋuƒo, siwo le agbadɔ la megbe le ɣetoɖoƒe gome.

28 Eye gameti dometɔ nato ʋuƒoawo titina, tso agbadɔ la ƒe go ɖeka me vaseɖe go keme me.

29 Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu, eye natsɔ sika atu wo ŋuti sigɛ, siwo me woaƒo gametiawo ɖo, eye nafa sika ɖe gametiwo hã ŋu.

30 Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme, si wofia wo le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Xɔmetsovɔ eveawo.

31 Aɖaŋuvɔlɔlawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ xɔmetsovɔe, eye woalɔ̃ Kerubiwo de eme.

32 Eye naku wo ɖe xésɔti ene, siwo ŋu wofa sika ɖo, eye wowɔ klosalofɔwo ɖe wo gɔme, eye sika gatagbadzɛwo le wo ŋuti la ŋu.

33 Ku xɔmetsovɔ la ɖe kuntru gbãtɔwo ƒe kpeƒe, eye natso nubablaɖaka la ada ɖe xɔmetsovɔ la godo, eye xɔmetsovɔ la natsɔ kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me na mi.

34 Eye natsɔ nutsyɔnu la ada ɖe nubablaɖaka la dzi le kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me.

35 Tsa kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔa ŋgɔ le anyiehe gome, eye natsɔ akaɖiti la ada ɖe agbadɔ la ƒe dziehe gome le kplɔ̃ la kasa.

36 Eye avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ avɔ, bena woatsɔ atu agbadɔ la nu.

37 Emegbe natsɔ xé akpa sɔti atɔ̃ hena avɔ la; fa sika ɖe wo ŋu, eye natsɔ sika awɔ wo ŋuti gatagbadzɛawo, eye natsɔ akɔbli akɔ afɔwo ɖe wo gɔme.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan