Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nubahiagbalẽ kple nubablavɔsa.

1 Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.

2 Eye Mose ɖeɖe nate ɖe Yehowa ŋu, ke woawo megate vo o, eye dukɔ la hã megana to la kplii o.

3 Eye Mose yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la. Tete dukɔ la katã ɖo ŋu yoo gblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe!

4 Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã, eye wòtso ŋdi kanya ɖaɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo dzesikpe wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu ɖe to la te.

5 Eye Mose dɔ Israel-viwo dome ɖekakpuiwo ɖa, eye wotsɔ nyitsuwo mè numevɔsawo, eye wosa akpedavɔwo na Yehowa.

6 Eye Mose ku ʋu la ƒe afã ɖe ze me, eye wõhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.

7 Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!

8 Eyome Mose, tsɔ du la wu ɖe dukɔ la dome gblɔ bena: Esia enye nusi Yehowa bia kpli mi, ɖe nya siawo katã dzi la, ƒe ʋu.


Nunɔlawo kple amegã blaadre wo kpɔ Mawu ɖa.

9 Esia megbe Mose kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre la wolia to la,

10 eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la, eƒe afɔgbɔ le abe gbloti, alo abe alesi alilime kɔna keŋkeŋ ene.

11 Ke mewɔ naneke Israel-viwo ƒe ame ŋkutawo o, eye woɖe ŋku ɖe Mawu ŋu, emegbe woɖu nu, eye wono nu.


Mose galia yi to la dzi.

12 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!

13 Tete Mose tso, eye eƒe subɔla Yosua kpe ɖe eŋu, eye Mose lia Mawu ƒe to la.

14 Eye wògblɔ na ame tsitsiawo bena: Mina afisia, vaseɖe esime míagatrɔ ava mia gbɔ. Kpɔ ɖa, Aron kple Xur le mia gbã, ne ʋɔnunyaa ɖe le amea ɖe si la, wòatsɔe ayi wo gbɔe.

15 Esi Mose yi toa dzi la, tete alilikpo va tsyɔ to la.

16 Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi, eye alilikpo tsyɔ to la ŋkeke ade sɔŋ Le ŋkeke adreagbe la eyɔ Mose tso alilikpo la me.

17 Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na Israel-viwo le toa tame abe dzobibi ene.

18 Eye Mose to alilikpoa me lia to la, eye Mose nɔ toa dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan