Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nusi dze be, woawɔ kple nusi medze be, woawɔ o.

1 Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.

2 Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o, eye megade ame geɖewo dzi le dzrenya me ate nya dzɔdzɔe la ɖe to o.

3 Megaɖe ami ɖe ame dahe ƒe nya o.

4 Ne èkpɔ wò ketɔ ƒe nyi alo tedzi tre mɔ la, gakplɔe vɛ ne.

5 Ne agba nɔ wò futɔ ƒe tedzi dzi nèkpɔ la, megato eŋu yi o; ke boŋ kpe ɖe eŋu, ne miatui le edzi.

6 Megatrɔ ame dahe ƒe nya bu anyi le ʋɔnudrɔ̃ƒe o.

7 Ɖe nu le aʋatsonyawo me; megawu amesi ƒe nya dzɔ, eye meɖi fɔa ɖeke o la o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi o.

8 Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.

9 Migase ŋuta le amedzrowo ŋu o, elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi wònɔna na amedzrowo, elabena míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ?

10 Ƒe ade naƒã nu ɖewo anyigba dzi, eye naƒo wò agblemenuwo nu ƒu.

11 Ke le ƒe adrelia me la na wòagbɔ ɖe eme, eye woazu flu, bena wò dukɔ la me ame dahewo nakpɔ nu aɖu, eye nusi susɔ la, gbemelãwo naɖui. Nenema ke nawɔ wò weingblewo kple wò devewo hãe.

12 Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.

13 Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.

14 Zi etɔ̃ naɖu ŋkekenyuie nam le ƒe ɖeka me.

15 Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.

16 Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.

17 Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.

18 Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megadzra nye ŋkekenyuievɔsalã ƒe ami ɖi ŋu nake ɖe edzi o.

19 Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Le Kanaanitɔwo nyanyã kple yayra ŋugbedodo na Israel ŋuti.

20 Kpɔ ɖa, medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò, bena wòakpɔ dziwò le mɔ ta, eye woakplɔ wò ava teƒe, si medzra ɖo ɖi na wò la.

21 Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.

22 Ne eɖo to eƒe gbe, eye nèwɔ nu, siwo katã magblɔ na wò la, ekema malé lu wò ketɔwo, eye maɖe to ɖe amesiwo xaxa wò ɖo.

23 Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,

24 ekema megade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye megawɔ nusiwo wowɔna la o; ke boŋ nagblẽ wo, eye nagbã woƒe legbawo.

25 Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.

26 Fu mage le nyɔnuwo ƒo, alo woatsi ko le wò anyigba dzi o; eye mana nanɔ agbe wòaɖe edeƒe.

27 Madɔ vɔvɔ̃, si le ŋunye la, ɖe ŋgɔwò, eye dukɔ, siwo katã dome nava la, alulu, eye wò futɔwo katã asi le ŋgɔwò.

28 Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.

29 Gake nyemanyẽ wo katã le dowòme le ƒe ɖeka me o, bena anyigba la magato gbe, eye lã wɔadãwo nadzi ɖe dzi anɔ fu ɖem na wò o.

30 Manɔ wo nyãm le mia ŋu ʋeʋeʋe, vaseɖe esime míadzi ɖe dzi eye anyigba la natu mia nu.

31 Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.

32 Migabia nu kpli wo alo naxɔ woƒe mawuwo o.

33 Womeganɔ wò anyigba dzi o, ne womagava ble wò nawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ne èsubɔ woƒe mawuwo la, atrɔ zu mɔ̃ aɖe wò.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan