2 Mose 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Se le amehavi ƒe nuwo gbegblẽ ŋu. 1 Ne wole fiafitɔa ɖe le fi dzi, eye wo ƒoe woku la, ekema hlɔ̃a ɖeke mele me o. 2 Ke nenye ŋkeke mee la, woabia eƒe hlɔ̃. Ele na fiafi la be, wòaɖo nusi wòfi la teƒe; ke ne naneke mele esi o la, woatsɔe adzra de eƒe tititi la nu. 3 Nenye nyi tedzi alo alẽ wòfi, eye wokpɔe le esi agbagbe la, ekema wòaɖo wo ame eve eteƒe. 4 Ne amea ɖe kplɔ lãwo yi eƒe boƒo alo weingble me, eye wòɖe asi le wo nu woɖagblẽ ame bubu ƒe agble la ekema wòatsɔ eƒe agblemenuwo aɖo nusi wogblẽ la teƒe; ke nenye agble blibo la wogblẽ la, ekema wòatsɔ eƒe boƒonu nyuitɔ alo weingblemenu nyuitɔ aɖo eteƒe. 5 Ne dzo dze gbe, eye wòlé ho, siwo le liƒo dzi, hefiã ava alo bli, siwo le bo dzi, alo agble blibo la katã la, ekema amesi tɔ dzo gbea ta, naɖo eteƒe. 6 Ne amea ɖe dzra ga alo nuwo ɖo de nɔvia gbɔ, eye wofii le amea ƒe me, ne wokpɔ fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve. 7 Gake ne womekpɔ fiafi la o la, ekema woakplɔ aƒeatɔ ava Mawu ƒe ŋku me, be eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nua dzi loo, alo menye eya ŋutɔe o. 8 Ne nyi, tedzi, alé, avɔ alo nua de bu, eye wosusui ɖe amea ɖe ŋu la, ekema ameawo kple eve nava Mawu ƒe ŋku me, eye amesi Mawu abu fɔe la, eya naɖo eteƒe na nɔvia zi eve. 9 Ne amea ɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lãa ɖe na nɔvia, be woakpɔ edzi, eve wòku, alo nane wɔe, alo woda adzoe, eye ame bubua ɖeke mekpɔ teƒe o la, 10 ekema woata Yehowa na nɔvia be, menye eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nu la dzi o, eye lã la tɔ naxɔ nya la nɛ, ekema fea ɖeke mele eme o. 11 Nenye ɖe wofii le egbɔ la, ekema woaɖo eteƒe na lã la tɔ. 12 Nenye lãa ɖee vuvui la ekema wòatsɔ kukua ava fia abe ɖase ene, eye fea ɖeke manɔ me o. 13 Ne amea ɖe ɣe lã le nɔvia si, eye nane wɔe, alo wòku, eye lã la tɔ mele eteƒe o la, ekema wòaɖo eteƒe. 14 Ke ne lã la tɔ le eteƒe la, ekema maɖo eteƒe o, elabena esi wòɣee la, ele fe xam ɖe eta. 15 Ne amea ɖe ble ɖetugbi, si ta womebia o, eye wòde asi eŋu la, ekema wòawɔ srɔ̃ɖenu nɛ, eye wòaɖee. 16 Ke ne fofoa gbe be, yematsɔe nɛ o la, ekema wòa ve srɔ̃ɖenu, siwo wowɔna na ɖetugbiwo la ƒe fe. 17 Megana nyɔnu dzotɔwo nanɔ agbe o. 18 Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui. 19 Amesi sa vɔ na mawu bubu wo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, woadɔ busui. Se le ame dahewo teteɖeanyi ŋu. 20 Megate amedzro ɖe anyi o eye megasẽ ŋuta le eŋu o; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. 21 Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o. 22 Ne ete wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la, 23 eye nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye mawu mi kple yi, ale be mia srɔ̃wo atrɔ zu ahosiwo, eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo. 24 Ne edo ga na nye dukɔ la dome ame dahea ɖe si le gbɔwò la, megaɖi kasae o, eye megabia deme hã le esi o. 25 Ne exɔ hawòvi ƒe avɔ awɔbae la, ekema gatsɔe nɛ, hafi ɣe naɖo to, 26 elabena eyae koe nye avɔ le esi, eya wòtana; nuka tsyɔ ge wòala amlɔ anyii mahã? Ne edo ɣli yɔm la, maɖo toe, elabena amenuvela menye. 27 Megado ɖiŋu na Mawu o, eye megaƒo ti de wò dukɔ la ƒe amegãwo o. 28 Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam. 29 Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam. 30 Ame kɔkɔewo míenye nam. Eyata migaɖu lã, si nu lé le gbe me la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avũwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana