2 Mose 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Se le awɔba me nɔnɔ ŋuti. 1 Esiawo nye ɖoɖo, siwo nagblɔ na wo. 2 Ne èƒle Hebriŋutsua ɖe kluvii la, ekema woawo do ƒe ade, eye le ƒe adrelia me la wòadzo fea ɖeke maxemaxee. 3 Nenye eya ɖekae va la, eya ɖeɖe nadzo; ne ekplɔ srɔ̃a vɛ la, ekema eya kple srɔ̃a nadzo. 4 Nenye eƒe aƒetɔe ɖe srɔ̃ ne, eye wòdzi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo nɛ la, ekema nyɔnu la kple viawo nanye eƒe aƒetɔ tɔ, eye eya ɖeɖe nadzo. 5 Ke ne kluvi la gblɔ be: Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, nyemadzo anɔ ɖokuinye si o la, 6 ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee. 7 Ne amea ɖe dzra vianyɔnu kosii la, eya madzo abe ŋutsuwo ene o. 8 Ne eƒe nu menyo eƒe aƒetɔ ŋu o, eye megadi be, yeaɖee o la, ekema wòana woava xɔe kple ga. Mekpe ŋusẽ adzrae ɖe dukɔ bubuwo dome, le esi wògbee la ta o. 9 Ne etsɔe na viaŋutsu la, ekema wòawɔ nɛ abe eya ŋuta vianyɔnue ene. 10 Ke ne eya ŋutɔ gaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, ekema megale nuɖuɖu kple avɔtatae o, eye megagbe egbɔ dɔdɔ, hã o. 11 Ne mewo nu etɔ̃ siawo nɛ o la, ekema wòadzo taa fea ɖeke maxemaxee. Se le amewuwu ŋuti. 12 Ne amea ɖe ƒo ame woku la, ekema woawu eya hã. 13 Ne amea ɖe mebua o, gake Mawu to eƒe asi dzi wɔe la, ekema maɖo teƒea ɖe na wò, afisi wòasi ayi. 14 Gake ne amea ɖe bua wu nɔvia ƒe aye me la, ekema woahee atso nye vɔsamlekpui gɔ̃ hã gbɔ aɖawu. 15 Amesi ke aƒo fofoa alo dada la, woawui. 16 Amesi ke afi lãme adzra, alo woakpɔe le esi la, woawui. 17 Amesi ke aƒo fi ade fofoa alo dada la, woawui. Se le abidede ame ŋu ŋuti. 18 Ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye ɖeka tsɔ kpe alo kodzi ƒo nɔvia meku o, gake wòtsi aba dzi, 19 emegbe wògafɔ do go le tɔtɔm ɖe ati ŋu la, ekema amesi ƒoe la, megaɖi fɔ o, negbe eƒe afiɖekanɔfewo kple dɔyɔfewo ko wòaxe. 20 Ne amea ɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi kple kpo, woku ɖe esi me la, ekema woabia hlɔ̃e. 21 Ke ne eganɔ agbe ŋkeke ɖeka alo eve hafi la, ekema womagabia hlɔ̃e o; elabena eya ŋutɔ ƒe gãe. 22 Ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye wotutu nyɔnu funɔa ɖe ƒu anyi, ke vɔ̃a ɖeke mewɔe o, negbe fua koe ge le eƒo la, ekema nyɔnua srɔ̃ naxa fe le esi, abe alesi ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo ene. 23 Ke ne vɔ̃a ɖe dze eme la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe, 24 ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, 25 dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, dodro ɖe dodro teƒe. 26 Ne amea ɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo eƒe kosivi wògbã la, ekema wòaɖe asi le eŋu, ne wòana eɖokui si ɖe eƒe ŋku la ta. 27 Eye ne amea ɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi alo eƒe kosivi la, ekema wòaɖe asi le eŋu, ne wòano eɖokui si ɖe eƒe aɖu la ta. 28 Ne nyia ɖe tu dzo ŋutsu alo nyɔnu woku la, ekema woaƒu kpe nyi la, eye womagaɖu eƒe lã o; ke womabu fɔ nyia tɔ o. 29 Ke ne nyi la dia dzotutu ame, eye wogblɔe na nyia to, gake mekpɔ edzi o, eye wòwu ŋutsu alo nyɔnu la, ekema woaƒu kpe nyi la, eye woawu nyia to hã. 30 Ke ne wodo hlɔ̃le nɛ la, ekema woaxee pɛpɛpɛ, abe alesi woɖoe nɛ ene, ɖe eƒe agbe ta. 31 Ne etu dzo ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖe la, ekema woawo nɛ ɖe ɖoɖo sia nu. 32 Ne nyi la tu dzo kluvi alo kosivi la, ekema nyia tɔ naxe klosalo sekel blaetɔ̃ na eƒe aƒetɔ. 33 Ne amea ɖe ʋu doa ɖe nu da ɖi, alo amea de ɖe vudo metu nu enu o, eye nyi alo tedzia ɖe ge ɖe me la, 34 ekema vudoa tɔ, naxe te ɖe eta na lã la so; eye; lã kukua nazu etɔ. 35 Ne amea ɖe ƒe nyi tu dzo nɔvia ƒe nyi wòku la, ekema woatsɔ nyi gbagbe la adzra, eye woamã ga la, emegbe woamã lã kuku la hã. 36 Ke ne wonyae bena nyi la dia dzotutu ame, gake nyia tɔ mekpɔ edzi o la, ekema wòatsɔ nyi gbagbe ado eteƒe, eve kukua nazu etɔ. 37 Ne amea ɖe fi nyi alo alẽ eye wòwui, alo wodzrae la, ekema wòaɖo nyi atɔ̃ nyi ɖeka teƒe, eye woaɖo alẽ ene alẽ ɖeka teƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana