Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu na se ewoawo Israel-viwo.

1 Eye Mawu to nya siawo katã bena:

2 Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.

3 Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.

4 Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o.

5 Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

6 ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.

7 Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

8 Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe.

9 Ŋkeke ade nawɔ dɔ, eye nawɔ ŋuwò dowo katã.

10 Ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò lã, alo wò amedzro, si dzewo du me la o.

11 Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.

12 Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.

13 Megawu ame o.

14 Megawɔ ahasi o.

15 Megafi fi o.

16 Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.

17 Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.

18 Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.

19 Eye wogblɔ na Mose bena: Wò la ƒo nu kpli mí, eye míaɖo to asee, ke Mawu megaƒo nu kpli mí, bena míagaku o.

20 Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.

21 Ale dukɔ la tsi tre ɖe adzɔge ke; ke Mose te ɖe alilikpo dodo, si me Mawu le la ŋu.


Vɔsamlekpui ɖiɖi.

22 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Mia ŋutɔwo miekpɔ bena, meƒo nu kpli mi tso dziƒo.

23 Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.

24 Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.

25 Ne ebe, yeatsɔ kpe aɖi vɔsamlekpui nam la, megatsɔ esi wotu o; elabena ne etso ga fu kpee la, ekema ègblẽ ka ɖo nɛ.

26 Megaflɔ atrakpui de nye vɔsamlekpui dzi o, bena wò ama nagadze le edzi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan