2 Mose 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mose ƒe dzidzi. 1 Ŋutsua ɖe tso Lewito la me ɖe Lewi-nyɔnua ɖe. 2 Eye nyɔnu la fɔ fu dzi ŋutsuvi. Esi wòkpɔ bena, edze ɖeka la, eɣlae ɣleti etɔ̃. 3 Ke esi megate ŋu le eɣlam o la, etsɔ kusi, si wotso aɖa lɔ̃e, eye wòtree kple aŋɔ keŋ, emegbe la etsɔ ɖevi la mlɔ me, eye wòkɔe ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me. 4 Eye nɔvianyɔnu le adzɔge, bena yeakpɔ nusi ava dzo ɖe edzi. Mose ƒe agbetsitsi le nukumɔa ɖe dzi kple enyinyi. 5 Tete Farao vinyɔnu va tsi le ge le Nil me. Ke egbɔ nyɔnuviwo le tsa ɖim le tɔa to. Kasiaa wòkpɔ kusia ɖe le aƒlawo dome ɖa, eye wòdo eƒe dɔlanyɔnu ɖa, be wòaɖatsɔe vɛ. 6 Esi wòʋui la, ekpa ŋutsuvia ɖe le avi fam le ame. Eye eƒe nu wo nublanui ne wògblɔ bena: Ɖewo Hebri-ŋutsuviwo dometɔa ɖee! 7 Tete nɔvianyɔnu gblɔ na Farao ƒe vinyɔnua bena: Nyemayi aɖayɔ Hebri-nyɔnua ɖe vɛ, bena wòana no ɖevi la na wò oa? 8 Farao vinyɔnu la ɖo ŋu nɛ bena: Heyi! Tete nyɔnuvi la yi ɖayɔ ɖevi la ɖada vɛ. 9 Eye Farao vinyɔnu la gblɔ nɛ bena: Xɔ ɖevi sia, eye nana noe nam, ekema mana adzɔ wò! Tete nyɔnu la xɔ ɖevi la, eye wòna noe. 10 Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe ve na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae hetsɔ ŋkɔ nɛ bena Mose: elabena egblɔ be: To mee meɖee tsoe. 11 Esi Mose va tsi la, gbe ɖeka eyi nɔviawo gbɔ, eye wòkpɔ, alesi wole woƒe dɔ sesẽ la wɔmi. Tete wòkpɔ Egiptetɔa ɖe le nɔvia Hebritɔa ɖe ƒom. 12 Eye esi wotsa ŋu mlamlamla mekpɔ amea ɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ɖe edzi. 13 Esi ŋu ke la, egayi, eye wòkpɔ Hebritɔ ɖeɖe eve le avu wɔm. Tete wògblɔ na amesi le ge dim la bena: Nukaŋuti nele nɔviwò ƒom? 14 Ke eya ɖo ŋu bena: Amekae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe, yeawu nye hã, abe alesi nèwu Egiptetɔ la enea? Tete Mose ɖe asi vɔvɔ̃ me, elabena ekpɔ bena, nya la ɖi wose. Mose ti dzo le Egipte, eye woɖe srɔ̃. 15 Farao hã se nya la, eye wòle didim be, yeawu Mose. Ke Mose si le Farao nu heyi ɖe Midian-tɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòva bɔbɔ no vudoa ɖe to. 16 Eye vinyɔnu adre le Midian-nunɔla si, amesiwo va tsi du ge ɖe lãwo ƒe towo me, bena woana tsi wo fofo ƒe alẽwo. 17 Eye alẽkplɔlawo va tutu wo ɖe megbe. Ke Mose tsi tre xɔ na wo, eye wòna woƒe alẽwo no tsi. 18 Esi wogbɔ va wo fofo Reguel gbɔ la, ebia wo bena: Nukaŋuti miegbã egbe kaba ale? 19 Woɖo ŋu bena: Egipte-ŋutsua ɖe xɔ mí le alẽkplɔlawo si, eye wòdu tsi gɔ̃ hã na miaƒe alẽwo wono. 20 Egblɔ na vianyɔnuawo bena: Afika wòle? Nukaŋuti miegblẽ ŋutsu la ɖe afima? Miyi ɖayɔe vɛ, ne woaɖu nu! 21 Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe. 22 Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi. 23 Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ. 24 Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi. 25 Eye Mawu kpɔ Israel-viwo ƒe nublanui, eye wòve wo nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana