2 Mose 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-viwo ɖo Sinai-to gbɔ. 1 Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi. 2 Esi woho tso Refidim la, wova Sinai-gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe gbea dzi; afima Israel ƒu asaɖa anyi ɖo le to la kasa. 3 Ke Mose yi Mawu gbɔ le to la dzi. Eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ bena: Ale nagblɔ na Yakob-ƒomeawo, eye ale naɖe gbe ƒãe na Israel-viwo enye si: 4 Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee. 5 Azɔ ne míaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tanye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. 6 Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo. 7 Eye Mose yi ɖayɔ dukɔ la ƒe ame tsitsiawo hegblɔ nya, siwo katã Yehowa de esi la, na wo. 8 Tete dukɔ blibo la ɖo ŋu yoo bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe. Eye Mose tsɔ dukɔ la ƒe nyawo va Mawu gbɔe. 9 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa. Dukɔ la dzra eɖokui do hena sexɔxɔ tso Mawu gbɔ. 10 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo, 11 ne wòasu te le ŋkeke etɔ̃agbe; elabena le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa aɖi va Sinai-to la dzi le dukɔ blibo la ƒe ŋku me. 12 Ɖo liƒo na dukɔ la godoo, eye nagblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, be amea ɖeke nagalia to la alo ade enu akɔ asi eŋu o. Amesiame, si aka asi toa ŋu la, ku ke wòaku! 13 Ne asia ɖe aka eŋu la, woaƒu kpee, alo woatee kple da; eɖanye ame alo lã o, maganɔ agbe o. Ke ne woku lãdzokpẽ la, ekema woaha to la. 14 Tete Mose ɖi tso toa dzi va dukɔ la gbɔ, eye wòna dukɔ la wɔ wo ɖokui dzadzɛ, eye wonyã woƒe avɔwo. 15 Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o. Mawu ɖe eɖokui fia le Sinai-to dzi. 16 Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya. 17 Eye Mose kplɔ dukɔ la tso asaɖa la me yi Mawu kpe ge, eye wotsi tre ɖe to la te. 18 Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ. 19 Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ. 20 Tete Yehowa ɖi va Sinai-to la tame, eye Yehowa yɔ Mose, be wòava Sinai-toa tame, eye Mose ha to la. 21 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku. 22 Eye nunɔla, siwo ate ɖe Yehowa ŋu hã, nawɔ wo ɖokui dzadzɛ, bena Yehowa magaɖe gbe ɖe wo dzi. 23 Mose ɖo ŋu na Yehowa bena: Dukɔ la mate ŋu aha Sinai-to la o, elabena wò ŋutɔ èxlɔ̃ nu mi bena: Miɖe liƒo ɖe to la ŋu, eye mibui kɔkɔe! 24 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi, ne mia kple Aron miava; ke nunɔlawo kple dukɔ la megagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbã le toa dzi, bena Yehowa nagaɖe gbe ɖe wo dzi o. 25 Tete Mose ɖi yi dukɔ la gbɔ, eye wògblɔe na wo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana