2 Mose 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yetro va kpɔ Mose ɖa. 1 Eye Midian-nunɔla Yetro, Mose to, se nusiwo katã Mawu wo na Mose kple eƒe dukɔ Israel, kple alesi Yehowa kplu Israel tso Egipte. 2 Tete Mose to Yetro kple Mose srɔ̃ Zipora, si wòkplɔ ɖo ɖe aƒe, 3 kple viaŋutsu eveawo, siwo dome ɖeka ŋkɔ nye Gersom, elabena egblɔ be: Amedzro menye le dzronyigba dzi? 4 Evelia ƒe ŋkɔ nye Eliezer. Elabena fofonye ƒe Mawu la kpe de ŋunye, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu. 5 Eye Mose to Yetro kple viaŋutsuwo kpakple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbea dzi, le Mawu ƒe to la gbɔ, afisi woƒu asaɖa anyi ɖo. 6 Eye wòda ame ɖo ɖe Mose gbɔ be: Nye towo Yetro kple srɔ̃wò kpakple viaŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò. 7 Tete Mose yi ɖakpe toa, eye wòde ta agu, eye wòɖuɖɔ nu nɛ; emegbe wòbia wo nɔewo ƒe dɔdɔ ta se, eye woyi agbadɔ la me. 8 Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa. 9 Eye Yetro kpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ na Israel, kple alesi wòde wo tso Egiptetɔwo si me la ŋuti. 10 Eye Yetro gblɔ bena: Woakafu Yehowa, amesi ɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao si me, amesi ɖe dukɔ la tso Egiptetɔwo ƒe ŋusẽ te. 11 Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo. 12 Eyome Mose to, Yetro, tsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ve na Mawu, eye Aron kple Israeltɔ tsitsiwo katã va, be woaɖu nu kple Mose to le Mawu ƒe ŋku me. Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoɖo. 13 Esi ŋu ke la, Mose bɔbɔ nɔ anyi, be yeadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la, eye dukɔ la tsi tre ɖe Mose gbɔ vaseɖe fiẽ. 14 Ke esi Mose to kpɔ dɔ, siwo katã le esi le dukɔa ŋuti la, egblɔ bena: Nuka nèle wɔwɔm na dukɔ la alea? Nukaŋuti wò ɖeka nèbɔbɔ na anyi, eye dukɔ blibo la le tsitre ɖe gbɔwò tso ŋdi vaseɖe fiẽ? 15 Mose ɖo ŋu na toa bena: Dukɔ la va gbɔnye, be woabia nu Mawu. 16 Ne nyaa ɖe le wo si la, wotsɔnɛ vaa gbɔnyee, eye medrɔ̃a amesiame kple nɔvia dome nya na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo. 17 Tete Mose to gblɔ ne bena: Menyo be, nanɔ wɔwɔm alea o. 18 Ɖeɖi ate wò ŋutɔ kple dukɔ, si le gbɔwò la ŋu. Elabena dɔ la sesẽ na wò akpa; wò ɖeka màte ŋu awɔe o. 19 Eyata ɖo to nye gbe, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu akpe ɖe ŋuwò. Na dukɔ la nu le Mawu gbɔ, eye natso woƒe nyawo aɖo Mawu ŋku me. 20 Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, eye nafia mɔ, si woato kple nusi woawo la wo. 21 Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu, 22 bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò. 23 Ne èwɔ alea, eye Mawu lɔ̃ ɖe dzi na wò la, ekema àkpɔ gbɔdzɔe, eye dukɔ blibo la hã ayi aƒe me le ŋutifafa me. 24 Eye Mose ɖo to toa ƒe gbe, eye wò wo nusianu, si wògblɔ nɛ la. 25 Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu. 26 Eye wodrɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko wotsɔna vaa Mose gbɔe, ke nya kpotokpotoewo katã la woawo ŋutɔ drɔ̃nɛ. 27 Emegbe Mose ɖo toa ɖa, wòyi wo denyigba dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana