Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tegliwo kple man.

1 Emegbe woho tso Elim, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la va Sin-gbedzi, le Elim kple Sinai dome, le woƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi.

2 Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la li Mose kple Aron ŋu le gbea dzi,

3 eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!

4 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o.

5 Eye ne woada nusi wofɔ va aƒe me le ŋkeke adeagbe la, ekema; adzi ɖe dzi agaɖe nusi wofɔna gbesiagbe la nu.

6 Eye Mose kple Aron gblɔ na Israel-viwo katã bena: Fiẽ la miadze sii bena, Yehowae kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,

7 eye ŋdi la míakpɔ Yehowa, ƒe ŋutikɔkɔe, elabena ese miaƒe, liʋĩliʋĩlilĩ ɖe Yehowa ŋu; ke míawo la amehawo míenye, be miele; mia ŋu lim?

8 Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.

9 Eye Mose gblɔ na Aron bena: Gblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la bena: Mite va Yehowa ƒe ŋku me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ la.

10 Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.

11 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

12 Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.

13 Le fiẽ la tegliwo dzo va nyẽ tsyɔ asaɖa la, eye le ŋdi la afu dza ƒo xlã asaɖa la.

14 Esi afu la kɔ ɖa la, tete nu sue nogonogoewo le anyigba le gbe la dzi abe ketsi ene.

15 Eye esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi? Elabena Womenya nusi wònye o. Tete Mose gblɔ na wo bena: Esia enye abolo, si Yehowa na mi, be miaɖu la.

16 Se, si Yehowa de, enye si: Amesiame nafɔe ɖe eƒe ɖuɖu nu; miafɔe ɖe amesiwo le miaƒe agbadɔ me la ƒe xexlẽme nu, ame ɖeka gomer ɖeka.

17 Eye Israel-viwo wɔ nenema; amea ɖewo fɔe fũ, eye amea ɖewo fɔe ʋee.

18 Eye wotsɔ gomer dzidzee; ke amesi fɔe fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe dzi o, eye amesi fɔe ʋee ko la, naneke mehiãe o; amesiame fɔe ɖe eƒe ɖuɖu nu.

19 Eye Mose gblɔ na wo bena: Amea ɖeke megagblẽ ɖeke ɖiŋu nake ɖe edzi o!

20 Ke womeɖo to Mose o, eye amea ɖewo gblẽe ɖi ŋu ke ɖe edzi; gake wòdze nyẽ, eye wòƒaƒã. Tete Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu.

21 Ale wofɔnɛ ŋdi sia ŋdi; amesiame ɖe eƒe ɖuɖu nu, ke ne ŋdɔ ʋu ko la, elólona.

22 Ke le ŋkeke adeagbe la wolɔa nuɖuɖu la teƒe eve, ame ɖeka gomer eve. Eye ha la ƒe amegãwo katã va gblɔe na Mose.

23 Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.

24 Eye wodae ɖi ŋu ke ɖe edzi, abe alesi Mose gblɔ ene, ke meƒaƒã o, eye medze nyẽ hã o

25 Eye Mose gblɔ bena: Miɖu eya egbea, elabena egbe enye dzudzɔgbe na Yehowa, egbe la miegale ekpɔ ge le gbe me o.

26 Ŋkeke ade miafɔe; ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe, eya dzi miele ɖeke kpɔ ge o.

27 Eye le ŋkeke adreagbe la amea ɖewo tso dukɔ la me yi efɔ ge, ke womekpɔ ɖeke o.

28 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie miagbe toɖoɖo nye sewo kple nye ɖoɖowo mahã?

29 Mikpɔ ɖa Yehowa na dzudzɔgbe mi, eyata wòna nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖe ŋkeke eve nu. Amesiame natsi aƒe, eye amea ɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!

30 Ale dukɔ la dzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrelia dzi.

31 Eye Israeltɔwo na ŋkɔe be man; ele abe xetsetse ene hele ɣie; eye wòvivina abe tatali, si me wode anyitsii ene.

32 Eye Mose gblɔ bena: Se, si Yehowa de, enye si: Midzra gomer ɖeka ɖo hena miaƒe dzidzimeviwo, bena woakpɔ abolo, si mena mieɖu le gbedzi, esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la.

33 Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ zevia ɖe, eye nade man gomer ɖeka eme fũ, eye natsɔe ada ɖe Yehowa ŋku me, bena wòanɔ anyi hena miaƒe dzidzimeviwo.

34 Eye Aron tsɔe dzra ɖo ɖe seawo gbɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

35 Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.

36 Gomer ɖeka enye eta ƒe mamã ewolia ɖeka.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan