2 Mose 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mose dzi kafukafuha. 1 Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu. 2 Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi! 3 Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa. 4 Ede Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu, eye eƒe aʋawɔla veviwo nyrã ɖe Avaƒu la me. 5 Ƒuɖɔɖɔ gbagba ɖe wo dzi, eye wodze to abe kpe ene. 6 Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ. 7 Ewo nu tsu geɖe, eye neƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wòfiã wo abe gbe ene. 8 Wò ŋɔti me gbɔgbɔ na tsiawo ƒo kɔ, tsi sistawo dzɔ abe gli ene; ƒuɖɔɖɔ la dzi lɔ̃ agba, abe ɖe wòɖo alɔ̃ ene. 9 Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo! 10 Eɖo ƒuƒu, tete ƒu la gbagba ɖe wo dzi, wodze to abe tsumi ene le tsi kpakawo nu. 11 Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo? 12 Edo wo nuɖusi ɖa, tete anyigba mi wo. 13 Eve wò dukɔ la nu hekplɔ wo, eye nèɖe wo. Ekplɔ wo kple wò ŋusẽ heva wò teƒe kɔkɔe la. 14 Esi dukɔwo see la, dzidzi ƒo wo, vovɔ̃ ɖo Filistitɔwo. 15 Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo. 16 Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi. 17 Ekplɔ wo yii, eye netsɔ wo ɖo to, si nye tɔwò la dzi, teƒe, si nèdzra ɖo be, yeanɔ, Yehowa, kɔkɔeƒe, si nèdzra ɖo kple wò asi, Aƒetɔ! 18 Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe. 19 Elabena esi Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔɖolawo ge ɖe ƒua me la, Yehowa na ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi; ke Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me. 20 Eye nyɔnu nyagblɔla Miryam. Aron nɔvinyɔnu, tsɔ axatse ɖe asi, eye nyɔnuwo katã tsɔ axatsewo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo. 21 Eye Miryam ɖo ha la ɖa bena: Midzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede so kple sɔdola ƒu. Tsi veve trɔ zu tsi nyui. 22 Emegbe Mose na Israel-viwo ho tso Avaƒu la nu heva Surgbedzi. Eye wozɔ gbea dzi ŋkeke etɔ̃, womekpɔ tsia ɖeke o. 23 Eye wovɔ Mara, ke womete ŋu no Mara-tsi la o, elabena ele vevem. Esiata woyɔ afima be Mara ɖo. 24 Eye dukɔ la li Mose ŋu gblɔ bena: Nuka no ge míala? 25 Ke eya do ɣli yɔ Yehowa, eye Yehowa fia aba ɖee, si wotsɔ ɖa ɖe tsi la me, tete wòtrɔ zu tsi nyui. Afima wòna se kple ɖoɖo wo le, eye afima wòɖo wo kpɔ le 26 gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla. 27 Eyome wova Elim. Afima vudo wuieve kple deti blaadre le; eye woƒu asaɖa anyi ɖe afima le tsia gbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana