2 Mose 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋgɔgbeviwo nye Yehowa ta. 1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: 2 Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee. Abolo maʋamaʋã ŋu se. 3 Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o! 4 Egbee mieʋu, le nuŋeɣleti la dzi. 5 Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi. 6 Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã, eye ŋkeke adrelia enye ŋkekenyuie na Yehowa. 7 Abolo maʋamaʋã miaɖu ŋkeke adre sɔŋ, eye womekpɔ abolo ʋaʋã alo amɔwɔ ʋaʋã le wò anyigba katã dzi o. 8 Gbemagbe naxlẽe afia viwòŋutsuwo bena: Ale Yehowa wɔ nam, esime meʋu tso Egipte. 9 Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte. 10 Eyata naɖo ŋku ɖoɖo sia dzi ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi, ƒe sia ƒe. Nusi ta wotsɔ ŋgɔgbeviwo na Yehowa ɖo. 11 Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi, abe alesi wòka atam mia kple fofowòwo ene, eye wòatsɔe na wò la, 12 ekema natsɔ nusianu, si ʋu dɔ nu na dada la, ana Yehowa, eye natsɔ wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la, na Yehowa. 13 Eye natsɔ alẽ aɖɔ li tedzi ƒe ŋgɔgbevi; hafi ne mèɖɔ lii o la, ekema naŋe kɔ nɛ; ke naɖɔ li amewo ƒe ŋgɔgbeviŋutsuwo katã ta. 14 Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le. 15 Esi Farao sẽ tame be, yemaɖe asi le mia ŋu o la, Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso amewo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi vaseɖe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi; eyata metsɔa atsu sia atsu, si ʋu ɖo nu na dada la, sa vɔe na Yehowa; ke vinyeŋutsuwo la, meɖɔa li wo ta. 16 Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte. Gododo tso Egipte ƒe dziyiyi. 17 Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte. 18 Eyata Mawu kplɔ dukɔ la to gbedzimɔ heyi Avaƒu la nu; eye Israel-viwo bia akpa hafi ʋu tso Egipte. 19 Eye Mose ho Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi; elabena eka atam na Israel-viwo gblɔ bena: Ne Mawu va ɖo ŋku mia dzi la, ekema miɖo nye ƒuwo ɖe asi tso afisia yii. 20 Eye woho tso Sukot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbedzi la me. Alilikpo kple dzobabla. 21 Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli. 22 Ŋkeke me la alilikpo dodo la medzona le dukɔ la gbɔ o, eye le zã me la dzobibi la nɔa wo ŋgɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana