2 Mose 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋutitotolẽ vi la. 1 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi bena: 2 Ɣleti sia nanye vevietɔ na mi, eya nanye ɣleti gbãtɔ na mi le ƒe la me. 3 Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka. 4 Ke ne aƒea ɖe me tɔwo mesɔ gbɔ ate ŋu aɖu alẽvi ɖeka o la, ekema woakpe ɖe woƒe aƒelika, si te ɖe woƒe aƒe ŋu la miti, alesi wòasɔ gbɔ, be alẽvi ɖeka nade wo nu. 5 Lãtsui, si sa blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, mialé; mitiae le alẽwo alo gbɔ̃wo dome. 6 Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me. 7 Eye woatsɔ nu la ƒe ɖe asisi ɖe xɔ, siwo me wole eɖu ge le la, ƒe ʋɔtrutiawo kple eve kpakple etametɔ ŋuti. 8 Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe. 9 Migaɖui mumũ alo aɖae hafi o; ke boŋ miamee ɖo nogo, eye la kple afɔwo nanɔ enu. 10 Migagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye esi tsi anyi ŋu ke de dzi la, mitɔ dzoe. 11 Ale mianɔ hafi aɖui enye si. Mibla miaƒe aliwo dzi, eye mido atokotawo de afɔ; milé atizɔtiwo ɖe asi, eye miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe ŋutilotoŋkekenyuie ve. 12 Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa! 13 Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o. 14 Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee. 15 Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome. 16 Le ŋkeke gbãtɔ dzi miawɔ takpekpe kɔkɔea de, eye le ŋkeke adrelia dzi hã miawɔ takpekpe kɔkɔea ɖe. Migawɔ dɔa ɖeke le wo dzi o, negbe nusi amesiame aɖu la, eya ko miaɖa. 17 Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee! 18 Le ɣleti gbãtɔ me, tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ miadze abolo maʋamaʋã ɖuɖu gɔme vaseɖe ɣleti la ƒe ŋkeke blave vɔ ɖekɛlia ƒe fiẽ. 19 Ŋkeke adre sɔŋ womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã le miaƒe xɔwo me o, elabena amesiame, si aɖu abolo ʋaʋã la, woaɖee ɖa le Israel-viwo ƒe ha me, eɖanye amedzro alo dumevi o. 20 Migade nu abolo ʋaʋãa ɖeke ŋu o, eye afisiafi, si miele la, miaɖu abolo maʋamaʋã sɔŋ. 21 Eye Mose yɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã vɛ, eye wògblɔ na wo be: Miyi ɖalé alẽ ɖe miaƒe aƒewo nu, eye miawui hena ŋutitotoŋkekenyuie la! 22 Eye mitsɔ isop babla nyrɔ̃ ɖe ʋu, si le ze me la me, eye miatsɔ ʋu, si le zea me la, asisi ɖe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Ke mia dometɔa ɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o! 23 Elabena ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla la nage ɖe miaƒe xɔwo me awu mi o. 24 Eye mia ŋutɔwo kple mia viwo miɖo ŋku ɖoɖo sia dzi tegbee. 25 Ne mieva anyigba, si Yehowa le mia na ge la dzi, abe alesi wògblɔ na mi ene la, ekema miɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi. 26 Eye ne mia viwo abia mi be: miaƒe subɔsubɔ sia gɔme ɖe mahã la, 27 ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, amesi tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wowu Egiptetɔwo; ke ekpɔ miaƒe aƒewo ta. Tete dukɔ la de ta agu, eye wodo gbe ɖa. 28 Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ. Ŋgɔgbeviwo wuwu. 29 Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. 30 Tete Farao kple eŋu mewo kpakple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye avifafa de dzi le Egipte-nyigba dzi hoo, elabena aƒea ɖeke meli, si me ame meku le o. 31 Eye wòyɔ Mose kple Aron vɛ le zã me gblɔ bena: Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome, mia ŋutɔwo kple Israel-viwo; miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene. 32 Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo hã ɖe asi yii, abe alesi miegblɔ ene, eye miɖayra nye hã! 33 Eye Egiptetɔwo ƒo ɖu ɖe dukɔ la nu, be woadzo le anyigba la dzi kaba, elabena wogblɔ be: Mí katã miele kuku ge! Gododo tso Egipte dze gɔme. 34 Eye dukɔ la tsɔ woƒe amɔwo, si mekpɔ ʋã haɖe o la, kpakple woƒe amɔwɔkpakuwo bia ɖe woƒe avɔwo me helé ɖe abɔ. 35 Eye Israel-viwo wɔe ɖe Mose ƒe nya la nu, eye wobia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le Egiptetɔwo si. 36 Eye Yehowa na Egiptetɔwo ve dukɔ la nu, eye wolɔ̃ edzi na wo. Ale woha Egiptetɔwo enye si. 37 Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o. 38 Amedzro geɖewo hã kpe ɖe wo ŋuti, eye wokplɔ alẽwo kple nyiwo, lãha gã ŋuta, ɖe asi. 39 Eye wotsɔ amɔwɔ, si wotsɔ tso Egipte la, ƒo akaklãe, ke meʋã o, elabena esi wonyã wo tso Egipte la, womete ŋu ta ɖi, ne woaɖa nu aɖo asi o. 40 Ƒe siwo katã Israel-viwo no Egipte la, le ƒe alafa ene blaetɔ̃. 41 Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi. 42 Eyata wodɔa ŋu na Yehowa le zã ma me, elabena ekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. Esia enye zã, si me Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo katã anɔ ŋu dom na Yehowa le. Sedede le ŋutitotolẽvia ɖuɖu ŋuti. 43 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o. 44 Ke ne amea ɖe ƒle ŋutsua ɖe kple ga la, wòatso aʋa ne, hafi wòakpɔ mɔ aɖui. 45 Amedzro kple agbatedɔwɔla mekpe mo aɖui o. 46 Xɔ ɖeka me woaɖui ale; migatsɔ lã la ƒe ɖeke do go le xɔ me ɖe xexe o, eye migagbã eƒe ƒua ɖeke o. 47 Eye Israel ha blibo la nawɔ alea. 48 Ke ne amedzroa ɖe le gbɔwò, le didim be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wo dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa, hafi woate va aɖui, eye woabui abe dumevi ene; ke bolobolotɔa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o. 49 Se ɖeka ano eŋu na dumevi kple amedzro, si le mia dome la siaa. 50 Eye Israel-viwo katã wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ. 51 Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana