2 Mose 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dzadzraɖo hena gododo tso Egipte. 1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Esusɔ fuwɔame ɖeka mahe ava Farao kple Egiptetɔwo dzii; emegbe la aɖe asi le mia ŋu miadzo le afisia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; boŋ anyẽ mi atso afisia. 2 Eyata gblɔ na dukɔ la bena: Ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo le eƒe aƒelika si! 3 Eye Yehowa na Egipte-tɔwo ve dukɔ la nu, eye Farao ŋu mewo kple eƒe dukɔ la bu Mese ŋuta le Egipte-nyigba dzi. Ŋɔdzidodo na Egiptetɔwo kple fukpekpe ewolia. 4 Eye Mose gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi. Le zã titina la mele Egipte-nyigba me to ge ayi, 5 eye ŋgɔgbeviwo katã aku le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si ava no eƒe zi dzi la dzi vaseɖe kosi, si le teƒo, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. 6 Eye nublanuiɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi, esi tɔgbe meva kpɔ o, eye magava hã akpa o. 7 Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome. 8 Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ. 9 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena Farao maɖo to mi o, bena nye nukunuwo nasɔ gbe le Egipte-nyigba la dzi. 10 Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana