2 Kronika 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fianyɔnu tso Seba va kpɔ Salomo ɖa, eye wòna nuwoe. 1 Eye esi Seba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi la, eva Yerusalem kple ameha gãa ɖe kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe, sika geɖe kple kpe xɔasiwo la, be yeatsɔ adzototo ado Salomo akpɔ, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la nɛ. 2 Eye Salomo ɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ, biabiaa ɖeke meli, si Salomo do kpo eŋuɖoɖo nɛ o. 3 Ke esi Seba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunya kple xɔ, si wòtu, 4 nuɖuɖu, si nɔa eƒe kplɔ̃ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo, eƒe ahakulawo kple woƒe awuwo kpakple numevɔ, si wòsana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee, 5 eye wògblɔ na fia la bena: Nyateƒee nye nya, si mese le nye anyigba dzi le wò nuwo kple wò nunya ŋuti; 6 ke nyemexɔ woƒe nyawo dzi se o, vaseɖe esime meva kpɔe kple nye ŋkuwo, eye kpɔ ɖa, womegblɔ wò nunya gã la ƒe afã gɔ̃ hã nam o; èƒo nya, siwo mese la ta. 7 Woayra wò amewo, woayra wò dɔla, siwo nɔa tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya la. 8 Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, be wotsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa, wò Mawu la. Esi Mawu lɔ̃ Israel, eye wòna nɔƒee tegbee la, eyata wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu, ne nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe. 9 Eye wòna sika talento alafa ɖeka blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasi wo fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòɖe esi Seba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o. 10 Eye Xuram ƒe dɔlawo kple Salomo ƒe dɔlawo, amesiwo tsɔ sika tso Ofir vɛ la, he papawutiwo kple kpe xɔasiwo ve. 11 Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ adzralawo ɖe Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ ŋu, eye wòtsɔ wo wɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo; womekpɔ esia tɔgbe le Yuda-nyigba dzi kpɔ tsã o. 12 Fia Salomo hã na nusiwo katã Seba-fianyɔnu la ɖi, eye wòbia lae hekpe ɖe nusiwo fia la nae le eɖokui si la ŋu. Emegbe eya kple eƒe dɔlawo gbugbɔ heyi eƒe anyigba dzi. Salomo ƒe kesinɔnuwo. 13 Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade; 14 ke womebu esiwo nudzralawo kple asitsalawo hena vɛ la, de eme o. Arabia-fiawo katã kple anyigba dzikpɔlawo hã hea sika kple klosalo vanɛ na Salomo. 15 Eye Salomo tsɔ sika, si woƒo gbabɛ la, wɔ akpoxɔnu gãgã alafa eve, efa sika ƒoƒo sekel alafa ade ɖe akpoxɔnu ɖeka ŋu. 16 Eyome wotsɔ sika, si woƒo gbabɛ la, wɔ akpoxɔnu ɖagbee alafa etɔ̃, efa sika sekel alafa etɔ̃ ɖe akpoxɔnu ɖeka ŋu, eye fia la tsɔ wo da ɖe Libanon-avexɔ la me. 17 Fia la tsɔ nyiɖu wɔ fiazikpui gãa ɖe hã, eye wòfa sika nyuitɔ ɖo eŋu. 18 Atrakpuifɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye wòtsɔ sika wɔ afɔdodzimagoevi ɖe fiazikpui la ŋu; alɔ eve le anyinɔƒe la ƒe axawo kple eve dzi, eye dzata eve le tsitre ɖe alɔawo ƒe axawo dzi. 19 Dzata wuieve le tsitre ɖe atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi le afi kple afi; womewɔ esia tɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o. 20 Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye Libanon-avexɔ ƒe nuwo katã nye sika nyuitɔ. Le Salomo ŋɔli la womebu klosalo ɖe nemi me hã o. 21 Elabena ʋu, siwo dea Tarsis, siwo me Xuram ƒe dɔlawo le la, le fia la si. Ʋuawo gbɔna tso Tarsis ƒe etɔ zi ɖeka, eye wohea klosalo kple sika, nyiɖu, kesewo kple atsaxewo vanɛ. 22 Ale fia Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome. 23 Eye anyigba dzi fiawo katã ɖi Salomo ŋku me, be yewoakpɔ, ne yewoase eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la. 24 Wo dome ɖesiaɖe hea nunanawo vanɛ nɛ ƒeawo tsyo ƒe, siwo nye klosalonuwo kple sikanuwo, awuwo kple aʋawɔnuwo, atike ʋeʋẽe, sɔwo kple tedzisɔwo. 25 Tasiaɖam ŋu sɔ akpe ene le Salomo si hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdola akpe wuieve ŋu, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe duwo me kple fia gbɔ le Yerusalem. 26 Eɖu fia ɖe fiawo katã dzi tso tɔsisi la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Egipte-liƒowo ŋu. 27 Eye fia la na klosalo sɔ gbɔ abe kpewo ene le Yerusalem, eye sedertiwo sɔ gbɔ abe gboti, siwo le tagba ene. 28 Eye woɖakplɔa sɔwo tsoa Egipte kple anyigbawo katã dzi vanɛ na Salomo. Salomo ku 29 Salomo ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Natan ŋutinya kple Silotɔ Axiya ƒe nyagblɔɖiwo kpakple nukpɔla Yedo ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe Yerobeam, Nebat vi ŋu la me. 30 Salomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel blibo la dzi ƒe blane sɔŋ. 31 Eye Salomo mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoa Dawid ƒe du la me, eye via Rexabeam zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana