2 Kronika 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wowu gbedoxɔ ŋu kɔkɔ nu. 1 Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la. 2 Eye nunɔlawo mete ŋu yi ɖe Yehowa ƒe xɔ la me o, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xɔ la. 3 Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee. 4 Eye fia la kple dukɔ la tsɔ lãwo sa vɔe le Yehowa ŋku me. 5 Fia Salomo tsɔ nyi akpe blave vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka blave sa vɔe. Ale fia la kple dukɔ blibo la kɔ Mawu ƒe xɔ la ŋu enye si. 6 Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu. 7 Eye Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ ŋgɔ la ŋu, eye wòtsɔ numevɔ kple akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, elabena akɔblivɔsamlekpui, si Salomo ɖi la, metu numevɔsa, nuɖuvɔsa kple amiawo nu o. 8 Eye Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi ŋkeke adre; ameha gãa ɖe va tso Xamat vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu. 9 Ŋkeke enyilia enye ŋkekenyuie ƒe takpegbe, elabena wokɔ vɔsamlekpui la ŋu ŋkeke adre, eye woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre. 10 Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi la edo mɔ dukɔ la woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, si Yehowa wo na Dawid kple Salomo kpakple eƒe dukɔ Israel la ŋuti. Mawu ɖe eɖokui fia zi evelia. 11 Esi Salomo wu Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ nu vɔ la, — nusianu, si Salomo ɖo ɖe ta me le Yehowa ƒe aƒe kple eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋu la, ewɔe dedie — 12 Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le zã me gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia wo nye vosaƒe. 13 Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne medo ʋetsuviwo ɖa, be woaɖu anyigba la, ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe nye dukɔ la dome, 14 eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la. 15 Azɔ nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu, eye nye towo anɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu. 16 Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ eŋu be, nye ŋkɔ nanɔ afima tegbee, eye nye ŋku kple nye dzi nanɔ afima ɣeawokatãɣi. 17 Ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ ene, eye nèwɔ nusiwo katã ŋuti mede se na wò le la dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo kple nye kɔnuwo me ɖe asi la, 18 ekema mana wò fiaɖuɖu ƒe fiazikpui nali ke, abe alesi medo ŋugbe na fofowò Dawid gblɔ ene be: Wò amesiwo aɖu fia ɖe Israel dzi la nu matso o! 19 Ke ne mietrɔ, eye mieɖe asi le nye ɖoɖo kple nye se, siwo mede asi na mi la ŋu, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, 20 ekema mate wo ɖa le nye anyigba, si metsɔ na wo la dzi, eye maɖe xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye mawɔe wòanye hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. 21 Eye ne amesiame va to xɔ sia, si ŋkɔ nyɔ tsã la ŋuti yina la, eƒe nu aku, eye woabia bena: Nukata Yehowa wo anyigba sia kple xɔ sia ɖo alea? 22 Eye woaɖo ŋu be: Esi wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu, wode ta agu na wo, eye wosubɔ wo la, eyata wòhe dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana