2 Kronika 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Salomo do gbe ɖa le gbedoxɔ la ŋu kɔƒe. 1 Ɣemaɣi Salomo gblɔ bena: Yehowa gblɔ be, yeanɔ alilikpo dodo me; 2 ke metu xɔ na wò, be nanɔ eme kple teƒe, si nanɔ tegbee. 3 Tete fia la trɔ kɔ heyra Israel ƒe ameha blibo la, esime wole tsitrenu. 4 Eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye Dawid, eye wòtsɔ eƒe asi wo edzi hegblɔ bena; 5 Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ tso Egipte-nyigba dzi la, nyemetia dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖi, ne nye ŋkɔ nanɔ afima o; eye nyemetia ŋutsua ɖeke, be wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu o; 6 ke metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afima, kple Dawid, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu. 7 Eye fofonye Dawid ɖoe ɖe ta me be, yeatu xa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ. 8 Ke Yehowa gblɔ na fofonye Dawid bena: Esi nèɖoe ɖe ta mè be, yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be, nèɖo esia ɖe ta me. 9 Gake wòa matu xɔ la o, ke boŋ viwò, si ado tso wò ali me la, eya atu xɔ na nye ŋkɔ. 10 Yehowa wɔ eƒe nya, si wògblɔ la dzi, eye medo ɖe fofonye Dawid teƒe hebɔbɔ nɔ Israel-fiazikpui la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye metu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, 11 eye metsɔ aɖaka la, si me nu, si Yehowa bla kple Israel-viwo le la, da ɖe afima. 12 Eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo. 13 Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo 14 gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo. 15 Wò amesi lé nya, si negblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi; ègblɔe kple wò nu, eye netsɔ wò asi wɔ edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene. 16 Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o. 17 Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu, nɔ nya, si nègblɔ na wò dɔla Dawid la dzi. 18 Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o! 19 Trɔ ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, Yehowa, nye Mawu, ne nase eƒe ɣli kple wò dɔla ƒe gbe, si wòdo ɖa le ŋkuwò me. 20 Ne wò ŋkuwo nana ʋuʋu ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli ɖe teƒe, si ŋu nègblɔ le be, yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo la ŋu, eye nase gbe, si wò dɔla ado ɖa le teƒe sia. 21 Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nowòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsɔe ke! 22 Ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ ɖeehavi ŋu, eye wòbia atam tso esi, be wòaka, eye wòva ka atam la le wò vɔsamlekpui ŋgɔ le aƒewò me la, 23 ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe ta dzi; ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ nɛ le eƒe dzɔdzɔenyenye nu! 24 Ne futɔwo si wò dukɔ Israel, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wòtrɔ ɖe ŋuwò heʋu wò ŋkɔ me, wodo gbe ɖa heƒo koko na wò le aƒe sia me la, 25 ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nagakplɔ wo ava anyigba, si nètsɔ na wo kple wo fofowo la dzi! 26 Ne dziƒo nu xe, eye tsi megale dzadzam o, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wodo gbe ɖa le teƒe sia heʋu wo ŋkɔ me, eye woɖe asi te woƒe nuvɔ̃wo ŋu, le esi nebɔbɔ wo ɖe anyi ta la, 27 ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nafia mɔ nyui, si dzi woazɔ la wo, eye nana tsi nadza ɖe wo anyigba, si nètsɔ na wo dukɔ wònye woƒe domenyinu la dzi! 28 Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, ne woƒe futɔwo xaxa wo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, eɖanye luɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o, 29 eye amea ɖe alo Israel-dukɔ blibo la dze si eƒe fuɖename kple veve la, eye wòke eƒe abɔwo me ɖo ɖe xɔ sia dzi la, 30 ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi, 31 ne woavɔ̃ wò, eye woazɔ wò mɔwo dzi ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mía fofowo la dzi. 32 Ne du bubu me ta hã, amesi metso wò dukɔ Israel dome o, ke boŋ anyigba didia ɖe dzi wòtso va le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ, si nedo de dzi ta, eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la, 33 ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me to la le yɔwòm ɖo la, ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye wòadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu la ŋu! 34 Ne wò dukɔ ho aʋa de woƒe futɔwo ŋu le mɔ, si dzi nèdɔ wo ɖo, eye woado gbe ɖa na wò aɖo ɖe du sia, si nètia, kple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la, 35 ekema nase woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo, eye natso na wo. 36 Ne wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nedo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na lu towo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe anyigba dzi, eɖanye kpuiƒe alo didiƒe o, 37 eye woyi ta me le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ heƒo koko na wò le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi la dzi, hegblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, mieda vo, eye miewɔ nu vlo, 38 eye wotrɔ de ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yii, eye woado gbe ɖa aɖo ɖe anyigba, si nètsɔ na wo fofowo, kple du, si netia, kpakple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la, 39 ekema nase woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le nɔwòƒe le dziƒo, eye natso na wo, eye tsɔ nuvɔ̃, si wowɔ ɖe ŋuwò la, ke wò dukɔ la. 40 Azɔ nye Mawu, wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu, eye wò towo nenɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu. 41 Eyata Yehowa Mawu, mia kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso, ne miayi ɖe wò gbɔɖemeƒe la! Yehowa Mawu, wò nunɔlawo nado xɔxɔ, eye wò ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzɔ le nu nyuiwo ŋu! 42 Yehowa Mawu, megagbe wò amesiamina la ƒe ŋku me o, eye nado ŋku wò dɔla Dawid ƒe amenuveve la dzi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana