Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ.

1 Ale wowu dɔ blibo, si Salomo wɔ hena Yehowa ƒe aƒea la nu, eye Salomo tsɔ fofoa Dawid ƒe nunana, siwo ŋu wòkɔ, siwo nye klosalo kple sika kpakple nuawo katã la, dada de Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe.

2 Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.

3 Tete Israel-ŋutsuwo katã kpe ta de fia la gbɔ de ŋkekenyuie la dzi le dzinu adrelia me.

4 Israel-ame tsitsiwo katã va, eye Lewi-viwo kɔ aɖaka la,

5 eye wotsɔ aɖaka la, Mawu ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe, siwo katã le agbadɔa me la vɛ; nunɔlawo kple Lewi-viwoe tsɔ wo vɛ.

6 Eye fia Salomo kple Israel ƒe ameha blibo, si kpe ta ɖe egbɔ la, tsi tre ɖe aɖaka la ŋgɔ, eye wotsɔ alẽwo kple nyiwo, siwo womete ŋu xlẽ alo bu wo o la, sa vɔe.

7 Eye nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖada ɖe eteƒe le Kerubiwo ƒe aʋalawo te le xɔ la ƒe megbexɔ, si nye kɔkɔeawo ƒe kɔkɔeƒe la me.

8 Kerubiawo keke aʋala ɖe aɖaka la nɔƒe, ale be Kerubiawo tsyɔ aɖaka la kple eŋu kpoawo dzi tso dzi gome.

9 Kpoawo didi, ale be wokpɔa kpoawo nu le megbexɔ la nu tso kɔkɔeƒe la, ke womekpɔa wo tso gota o, eye wotsi afima vaseɖe egbe.

10 Naneke mele aɖaka la me o, negbe kpe eve, siwo Mose tsɔ de eme le Xoreb-to la gbɔ, esime Yehowa bla nu kple Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte la koe.

11 Eye wòva me, esime nunɔlawo do tso kɔkɔeƒe la, — elabena nunɔla, siwo katã le eteƒe la, wɔ wo dokui kɔkɔe, ale be womete ŋu de vovo woƒe hawo dome o, —

12 eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ,

13 esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la;

14 eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan