2 Kronika 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yoaxaz. 1 Eye dukɔ hahoo la tsɔ Yosiya ƒe vi Yoaxaz ɖo fia ɖe fofoa teƒe le Yerusalem. 2 Yoaxaz xɔ ƒe blave vɔ etɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu etɔ̃ le Yerusalem. 3 Eye Egipte-fia ɖee le zi dzi le Yerusalem, eye wòtsɔ klosalo talento alafa ɖeka kple sika talento ɖeka he to na dukɔ la, be wòaxe. Yoyakim. 4 Egipte-fia tso nɔvia Elyakim ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be: Yoyakim; ke Nexo kplɔ nɔvia Yoaxaz yi Egipte. 5 Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me. 6 Eye Nebukadnezar, Babel-fia, ho ɖe eŋu, eye wòde kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel. 7 Eye Nebukadnezar fɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnua ɖewo yi Babel, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe fiasã me le Babel. 8 Yoyakim ŋutinya susɔeawo, ŋu-nyɔnu, siwo wòwɔ, kple vɔ̃diwɔwɔ, siwo wokpɔ le eŋu la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ me; eye via Yoyaxin zu fia ɖe eteƒe. Yoyaxin. 9 Yoyaxin xɔ ƒe wuienyi, esime wòzu fia; eɖu fia dzinu etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me. 10 Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu. Zedekiya. Babilonia boyo me nɔnɔ. 11 Zedekiya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. 12 Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye mebɔbɔ eɖokui na nyagblɔɖila Yeremya, amesi do Yehowa ƒe numegbe la o. 13 Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o. 14 Eye nunɔlawo ƒe amegãwo katã hã kple dukɔ la wɔ nu tovo geɖe le dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã nu, eye wodo gu Yehowa ƒe aƒe, si ŋu wòka le Yerusalem. 15 Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta. 16 Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o. 17 Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ. 18 Eye wòlɔ Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia kple amegãwo ƒe kesinɔnuwo; etsɔ wo katã yi Babel. 19 Wòtɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wòtɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã. 20 Ekplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wòzu eya kple viawo ƒe dɔlawo, vaseɖe esime Persiatɔwo ƒe dziɖuɣi ɖo, 21 bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi. 22 Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la, — bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa ɖo Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena: 23 Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi, eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana