Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosiya gblẽ trɔ̃subɔsubɔ.

1 Yosiya xɔ ƒe enyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaetɔ̃ vɔ ɖeke le Yerusalem.

2 Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.

3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me, esime wònye ɖekakpui ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me, eye le ƒe wuievelia me la ede asi nuxeƒewo, Aserawo, aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖeɖe me ɖa le Yuda kple Yerusalem.

4 Wogbã Baal ƒe vɔsamlekpuiwo kple ɣelegba, siwo le wo dzi la, le eƒe ŋku me, wòmũ Aserawo, eye wogbã aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo, eye wotu wo helɔ kɔ ɖe amesiwo sa vɔ na wo la ƒe yɔdowo dzi.

5 Etɔ dzo nunɔlawo ƒe ƒuwo le woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye wòklɔ Yuda kple Yerusalem ŋu.

6 Ewɔe le Manase, Efrayim kple Simeon ƒe duwo, le woƒe aƒedowo me godoo va kpe vaseɖe Naftali.

7 Eye esi wòmũ woƒe vɔsamlekpuiwo kple Aserawo, gbã legbawo hetu wo, eye wògbã ɣelegbawo katã le Israel-nyigba blibo la dzi la, egbugbɔ va Yerusalem.


Yosiya dzra gbedoxɔ ɖo

8 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esime wòklɔ anyigba kple aƒea ŋu la, edɔ Safan, Azalya vi, kple dumegã Maaseya kpakple Yoax, Yoaxaz vi, amesi nye fia ƒe tsiami la ɖa, be woaɖɔ Yehowa, ete Mawu ƒe aƒe la ɖo.

9 Eye woyi nunɔlagã Xilkiya gbɔ hetsɔ ga, siwo wohe vu Mawu ƒe aƒe me la na, ga, si Lewi-vi, siwo nye kpuinudzɔlawo, dzɔ le Manase kple Efrayim kpakple Israel ƒe ame kpɔtɔeawo katã, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si.

10 Wotsɔ wo na dɔnunɔlawo, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu, ne woaɖɔ aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo.

11 Wotsɔ wo na atikpalawo kple gliɖolawo, ne woaƒle kpe fufuwo kple daɖedzitiwo, ne woawɔ daɖedziwo na xɔ, siwo Yuda-fiawo gblẽ la.

12 Ŋutsuawo wɔ dɔla le anukware me. Eye wotsɔ Yaxat kple Obadya, amesiwo nye Lewi-viwo tso Merari viwo dome, kple Zaxarya kpakple Mesulam, amesiwo tso Kehat viwo dome, do wo nu; eye wotsɔ Lewi-vi, siwo katã nya saŋkuƒoƒo la,

13 do agbatsɔlawo nu, woawoe nye dɔ vovovoawo wɔlawo ƒe dzikpɔlawo, eye agbalẽŋlɔlawo, dɔnunɔlawo kple agbonudzɔlawo tso Lewi-viwo dome.


Segbalẽ, si wòfɔ la xexlẽ.

14 Eye esi woyi ga, si wohe va Yehowa-ƒe mee la, tsɔ ge la, nunɔla Xilkiya fɔ Yehowa ƒe se, si wòna to Mose dzi la ƒe agbalẽ la.

15 Tete Xilkiya xɔ edzi gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Metɔ segbalẽ la le Yehowa-ƒe me! Eye Xilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan.

16 Safan tsɔ agbalẽ la vɛ na fia la, eye wòhe gbe vɛ na fia la gblɔ bena: Nusiwo katã wò dɔlawo ɖo la, wowɔ wo.

17 Wòtrɔ ga, si wokpɔ le Yehowa-ƒe me la, hetsɔ na dɔnunɔlawo kple dɔwɔlawo.

18 Emegbe agbalẽŋlɔla Safan gblɔ na fia la bena: Nunɔla Xilkiya tsɔ agbalẽa ɖe nam. Eye Safan xlẽe na fia la.

19 Esime fia la se se la me nyawo la, edze eƒe awuwo.

20 Eye fia la de se na Xilkiya kple Axikam, Safan vi, Abdon, Mixa vi, kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple fía ƒe subɔla Asaya bena:

21 Miyi ɖabia nu ɖe mía kple Israel kple Yuda ƒe ame susɔeawo ta le agbalẽ, si wòfɔ la me nyawo ŋuti. Elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si va mía dzi la, nu sẽ ŋutɔ, le esi mia fofowo melé Yehowa ƒe nyawo me de asi, eye womewɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.


Nyɔnu-nyagblɔɖila Xulda

22 Tete Xilkiya kple amesiwo fia la dɔ la, woyi nyɔnu-nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Salum, si nye Tokhat vi, amesi nye Xasra vi, eye wònye awudzikpɔla, srɔ̃ la gbɔ le dua ƒe to evelia le Yerusalem, eye woƒo nu kplii alea.

23 Edo ŋu na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miagblɔ na ŋutsu, si dɔ mi de gbɔnye la bena:

24 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e kple liƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ, si woxlẽ na Yuda-fia me la, ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi;

25 elabena wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam; eyata nye dɔmedzoe va nɔƒe sia dzi, eye enu matso o.

26 Migblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi da, be miaɖabia nu Yehowa ase la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nya, siwo nèse,

27 na wò dzi bɔbɔ bɔlɔbɔlɔ, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò de anyi le Mawu ŋku me, le esi nèse nya, siwo wogblɔ de nɔƒe sia kple eme nɔlawo ŋuti megbe la; esi nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le ŋkunye me, eye nèdze wò awu heta avi le ŋkunye me la, eyata Yehowa be, ye hã yesee.

28 Kpɔ ɖa, maɖo wò ɖe fofowòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe yɔ me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mahe ava nɔƒe sia kple eme nɔlawo dzi la ƒe ɖeke o. Eye wohe nya la vɛ na fia la.


Nubabla la wɔwɔ yeye.

29 Tete fia la ɖɔ woƒo Yuda-ame tsitsiwo kple Yerusalem-ame tsitsiwo katã nu ƒu.

30 Eye fia la, Yuda-ŋutsuwo katã kple Yerusalemtɔwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ blibo la, tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, woyi Yehowa ƒe aƒe la me, eye woxlẽ nubabla ƒe agbalẽ, si wofɔ le Yehowa-ƒe me la me nyawo katã ɖe woƒe towo me.

31 Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe, eye wòbia nu kple Yehowa be, yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla ƒe nyawo, esiwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi.

32 Eye wòna amesiwo katã le Yerusalem kple Benyamin la, ɖo nubabla la me, eye Yerusalemtɔwo zɔ ɖe Mawu, wo fofowo ƒe Mawu ƒe nubabla la nu.

33 Yosiya ɖe, ŋunyɔnuwo katã le Israel-nyigba-wo katã dzi, eye wozi amesiwo katã le Israel la dzɔ be, woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Eye womete ɖa le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu le eƒe agbenɔɣi katã o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan