2 Kronika 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Sanxerib ɖe to ɖe Yerusalem ŋuti, gake du la kpɔ ɖeɖe nukutɔe. 1 Le nya siawo kple nuteƒewɔwɔ siawo megbe la Asur-fia Sanxerib va, eye woho de Yuda ŋu heɖe to ɖe ɖu sesẽwo, eye wòdi be, yeaxɔ wo. 2 Esi Xizkiya kpɔ be, Sanxerib va, eye wòdo ta me be, yeawɔ aʋa kple Yerusalem la, 3 ede adaŋu kple eƒe amegãwo kpakple eƒe kalẽtɔwo be, woaxe tsivudo, siwo le dua godo, eye wokpe de eŋu. 4 Eƒo ameha gãa ɖe nu ƒu, eye woxe vudowo katã kple lɔʋu, si si to anyigba la titina hegblɔ bena, ne Asur-fiawo va la, ne womagakpɔ tsia ɖeke o. 5 Egla eɖokui, eye wòdɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã do, etu xɔ tsralawo de wo dzi, eye wòɖo gli bubuwo ɖe egodo, eɖo gli ɖe Dawid-du la ƒe Milo ŋu, eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ; 6 eɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu, eye wòƒo wo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu le ablɔ me le ɖugbo la nu, eye wòƒo nu kpli wo xɔlɔ̃tɔe gblɔ bena: 7 Mile dzi ɖe ƒo, mise ŋu, eye migavɔ̃ o, Asur-fia kple ame gbogbo, siwo katã le eŋu la, megadzi ŋɔ na mi o, elabena amesi le mia dzi la, ƒo amesi le edzi la ta. 8 Eya la amegbetɔ ƒe abe li kplii, ke miawo la Yehowa, mia Mawu lae, li kpli mi, ne woakpe ɖe mia ŋu, eye wòawɔ miaƒe aʋawo. Tete dukɔ la ɖo ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu. 9 Le nusiawo megbe la Asur-lia Sanxerib dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Yerusalem ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda blibo, si le Yerusalem la gbɔ, be woagblɔ bena: — ke eya ŋutɔ kple eƒe amewo katã le Laxis kasa — 10 Ale Asur-fia Sanxerib gblɔ esi Nuka ŋu miele dzi ɖom ɖo be, míetsi tò me le Yerusalem? 11 Alo menye ɖe Xizkiya le mia ɖum, be wòana dɔ kple tsikɔ nawu mi miaku, esi wòle gbɔgblɔm be: Yehowa, mía Mawu, aɖe mí tso Asur-fia si me oa? 12 Ɖe menye Xizkiya siae ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ko ŋgɔ, eye mido dzudzɔ le edzi oa? 13 Mienya nusi mia kple fofonyewo míewɔ anyigba dzi dukɔwo katã oa? Ɖe anyigba dzi dukɔwo ƒe mawuwo te ŋu de woƒe anyigbawo tso asinye me kpɔa? 14 Dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo katã dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso asinye me, ne miaƒe Mawu nahayi mia ɖe ge tso asinye me? 15 Eyata Xizkiya megable mi, eye wòaganɔ mia flum alea o, eye migaxɔ edzi se o, elabena dukɔ kple fiaɖuƒea ɖeke ƒe mawua ɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso mía kple fofonyewo si me o, ʋuu keke ne miaƒe mawuwo nahayi mia ɖe ge tso asinye me o. 16 Eye eƒe dɔlawo gagblɔ nya geɖewo ɖe Mawu Yehowa kple eƒe dɔla Xizkiya ŋu. 17 Eye woŋlɔ agbalẽ hetsɔ ɖe alɔme le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, gblɔ ɖe eŋu bena: Abe alesi anyigba dzi dukɔwo ƒe mawuwo meɖe woƒe dukɔwo tso asinye me o ene la, nenema ke Xizkiya ƒe Mawu hã maɖe eƒe dukɔ atso asinye me o. 18 Wodo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me ɖo ɖe Yerusalemtɔ, siwo le glia dzi, ne woade vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo, eye woaxɔ du la; 19 eye woƒo nu le Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe anyigba dzi dukɔwo ƒe mawu, siwo nye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo la ene. 20 Ke fia Xizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, wodo gbe ɖa le nya sia ta, eye woɖo ɣli ɖo ɖe dziƒo. 21 Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima. 22 Ale Yehowa xɔ na Xizkiya kple Yerusalemtɔwo tso Asur-fia Sanxerib kple amewo katã si me, eye wòna gbɔdzɔe wo godoo va kpe. 23 Ame geɖewo he nunanawo va Yerusalem na Yehowa kple nu xɔasiwo na Yuda-fia Xizkiya. Tso ekema dzi la eƒe ŋkɔ ɖe du le dukɔwo katã dome. Xizkiya ƒe dɔléle, ŋukeklẽ kple ku. 24 Le ŋkeke mawo me la Xizkiya lé dɔ de kuku ge. Eye esi wòdo gbe ɖa na Yehowa la, eƒo nu kplii, eye wòna nukunudzesii. 25 Ke Xizkiya mezɔ ɖe dɔmenyo, si wòwɔ nɛ la nu o, ke boŋ ede asi dada me, eyata dɔmedzoe va eya kple Yuda kpakple Yerusalem dzi. 26 Tete Xizkiya kple Yerusalemtɔwo bɔbɔ wo dokui le eƒe dada la ta, eye Yehowa ƒe dɔmedzoe meva wo dzi le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o. 27 Kesinɔnu kple bubu geɖe ŋutɔ su Xizkiya si, eye wòwɔ nudzraɖoƒewo ɖe klosalo kple sika, kpe xɔasiwo kple atike ʋeʋẽewo, akpoxɔnuwo kple nu xɔasi vovovowo ŋu. 28 Etu nudzraɖoƒewo ɖe bli, wein kple ami ŋu, etu lãxɔ na lã vovovowo, eye wòtɔ kpɔ na lãhawo. 29 Etso duwo na eɖokui, eye alẽha kple nyiha gãwo le esi, elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔe. 30 Eyae nye Xizkiya, si xe Gixon-tɔ la ƒe nugbɔ, eye wòɖe tɔʋu nɛ to Dawid ƒe ɖu la ƒe ɣedzeƒe gome. Nusianu, si Xizkiya wɔ la, dze edzi ne. 31 Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me. 32 Xizkiya ŋutinya susɔeawo kple eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi ƒe ŋutegakpɔkpɔwo me ɖe Yuda-fiawo kple Israel-fiawo ƒe agbalẽ me. 33 Eye Xizkiya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe to dzi mɔ, si yi Dawid viwo ƒe yɔdowo gbɔ la to. Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe bubu eŋu le eƒe ku me, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana