2 Kronika 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Trɔ̃subɔsubɔ ɖeɖeɖa kple beléle na nunɔlawo kple Lewitɔwo. 1 Esi wowu nusiawo katã nu vɔ la, Israel blibo, si va la, ho yi Yuda-duwo me, eye wogbã aƒeliwo, wòmũ Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda blibo la. Benyamin, Efrayim kple Manase, vaseɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ. Emegbe Israel-viwo katã dome amesiame gbugbɔ yi eƒe du me le eƒe anyigba dzi. 2 Eye Xizkiya ɖo nusiawo kple Lewi-viwo ƒe hawo. Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo dome ɖesiaɖe le eƒe da nu ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, eye woasubɔ, woada akpe, eye woakafu le Yehowa ƒe asaɖa la ƒe agbowo nu. 3 Eye fia la tso eƒe kesinɔnuwo ƒe akpa ɖeka naɖe numevɔsa ŋu: numevɔsa le ŋdi kple fiẽ kple numevɔsa le dzudzɔgbe kple dzinu yeye kpakple ŋkekenyuiewo dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Yehowa ƒe se la me ene. 4 Eye wòde se na ameha, si nye Yerusalemtɔwo, bena woana nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe gome wo, ne woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe se la ŋu koŋ. 5 Esi nya sia ɖi wose la, Israel-viwo na bli, wein, ami kple anyitsi kpakple agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo, wona nuwo katã ƒe ewoliawo taŋtaŋ. 6 Eye Israel-vi kple Yuda-vi, siwo le Yuda-duwo me la, hã na nyiwo kple alẽwo ƒe ewoliawo kpakple nunana kɔkɔe, siwo ŋu wokɔ na Yehowa, woƒe Mawu la fũ. 7 Wodze nuawo ƒoƒoƒu gome le dzinu etɔ̃lia dzi, eye wowu enu He dzinu adrelia dzi. 8 Esi Xizkiya kple amegãwo kpo nu ƒoƒuawola, wokafu Yehowa kple eƒe dukɔ Israel. 9 Eye Xizkiya bia nu ƒoƒuawo ta se le nunɔlawo kple Lewi-viwo gbɔ. 10 Tete nunɔlagã Azarya tso Zadok-ƒe me ɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Tso esime wode asi nudzɔdzɔ tsɔtsɔ me va Yehowa-ƒe me la, mieɖu nu ɖi ƒo, eye wòkpɔtɔ taŋtaŋ, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eyata nu gbogbo siawo kpɔtɔ. 11 Eye Xizkiya de se be, woawɔ xɔwo ɖe Yehowa ƒe xɔ ta ŋu, eye wowɔ wo. 12 Eye wotsɔ nudzɔdzɔawo, nuwo ƒe ewolia kple nunana kɔkɔeawo de wo me dedie; eye wotsɔ Lewi-vi Xananya dowo nu hekpe ɖe nɔvia Simei, si kplɔe ɖo ŋuti. 13 Yexiel, Azazya, Naxat, Asahel, Yerimot, Yozabad, Eliel, Yismaxya, Maxat kple Benaya, wonye dzikpɔlawo le Xananya kple nɔvia Simei te, le fia Xizkiya kple Mawu ƒe aƒe me amegã Azarya ƒe ɖoɖo nu. 14 Eye wotsɔ Kore, Yimna vi, si nye Lewi-vi, eye wònye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi la, ɖo nusiwo wona faa la nu, ne woatsɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔwo kple nu kɔkɔeawo nɛ. 15 Amesiwo le ete le minɔ lãwo ƒe duwo me, be woatsɔ nuwo na wo nɔviwo ƒe hawo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa dedie la, wonye: Eden, Minyamin, Yesua, Semaya. Amarya kple Sexanya, 16 negbe ŋutsuvi, siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽ la me, amesiwo xɔ ƒe etɔ̃ kpakple amesiwo xɔ wu nenema, amesiwo katã va Yehowa ƒe aƒe la me, be yewoawɔ woƒe subɔsubɔdɔwo le woƒe ɖoɖowo nu, abe alesi wohiã gbesiagbe ene la, koe mele eme o; 17 — woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖi le woƒe aƒekɔwo nu, eye woŋlɔ Lewi-viwo ɖi tso amesiwo xɔ ƒe, blave kpakple edzivɔwo dzi la, ɖe woƒe dɔwo kple woƒe hawo nu — 18 hekpe ɖe amesiwo ŋkɔ woŋlɔ la, kple woƒe vidzĩewo katã, wo srɔ̃wo kple wo ŋutsuviwo kpakple wo nyɔnuviwo, siwo tso ameha blibo la me ŋuti, elabena wowɔ nu kɔkɔeawo ŋu do le nyateƒe me. 19 Eye woɖe ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ la, na Aron viwo, siwo nye nunɔlawo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me, ne woana nu nunɔlawo dome ŋutsu sia ŋutsu kpakple Lewi-vi, siwo katã ŋkɔ woŋlɔ ɖi. 20 Alea Xizkiya wɔ le Yuda blibo la, eye wòwɔ nusi nyo kple nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me. 21 Eye nusiwo katã gome wòdze le Mawu ƒe a ƒe ŋu dɔwo me le nufiafia kple se la nu, be wòatsɔ aɖi eƒe Mawui la, ewɔe kple eƒe dzi blibo, eye wòdze edzi nɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana