Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋutitotolẽvi la ɖuɖu.

1 Eye Xizkiya ɖo ame ɖe Israel blibo la kple Yuda, eye woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Efrayim kple Manase, be woava Yehowa ƒe aƒe la me le Yerusalem, ne woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.

2 Fia la kple eƒe amegãwo kpakple ameha blibo la ɖo be, woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu evelia me.

3 Elabena womete ŋu ɖui le ɣemaɣi o, elabena nunɔlawo katã mekpɔ kɔ wo ɖokui ŋu haɖe o, eye dukɔ la mekpe ta ɖe Yerusalem o.

4 Eye nya la dze fia la kple ameha blibo la ŋu.

5 Eye woɖo kpe nya la dzi be, woaɖe gbe ƒã le Israel blibo la tso Beer-Seba vaseɖe Dan, ne woava ɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, le Yerusalem, elabena eteƒe didi womegaɖu kpɔ, abe alesi woŋlɔe ɖi ene o.

6 Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!

7 Miganɔ abe mia fofowo kple mia nɔviwo, amesiwo meɖi anukware na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la o, eye wòtsɔ wo wɔ bibidonui, abe alesi miele ekpɔmi ene la ene o.

8 Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.

9 Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.

10 Esi duxɔlawo tsa tso du me yi du me le Efrayim-nyigba kple Manase-nyigba dzi vaseɖe Zebulon la, woko wo heɖe alɔme le wo ŋu,

11 negbe amea ɖewo koe bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Aser, Manase kple Zebulon, eye wova Yerusalem.

12 Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.

13 Tete ameha gãa ɖe va kpe ta ɖe Yerusalem, be woaɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la le dzinu evelia me, ameha la sa gbɔ ŋutɔ.

14 Eye wotsi tre fɔ vɔsamlekpui, siwo le Yerusalem, kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã ɖaƒu gbe ɖe Kidron-tɔʋu la me.

15 Woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu evelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi; eye ŋukpe lé nunɔlawo kple Lewi-viwo wokɔ wo ɖokui ŋu hesa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.

16 Wotsi tre ɖe wo nɔƒe le ɖoɖo la nu, abe alesi Mawu ƒe ame Mose de se ene. Lewi-viwo lé lãʋua ɖe asi, eye nunɔlawo hlẽe.

17 Esi ame geɖewo le ameha la dome, siwo mekɔ wo ɖokui ŋu o la, eyata Lewi-viwo wu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalãwo na amesiwo nu mekɔ o, ne woakɔ wo ŋu na Yehowa.

18 Elabena dukɔ la ƒe akpa gãtɔ, siwo ƒe geɖeawo tso Efrayim, Manase, Isaxar kple Zebulon la, mekɔ wo ɖokui ŋu o, eye womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene o; gake Xizkiya do gbe ɖa ɖe wo ta gblɔ bena: Yehowa, dɔmenyotɔ, atsɔe ake,

19 amesiame, si tsɔ eƒe dzi ɖo Mawu Yehowa, fofoawo ƒe Mawu didi ŋu, nenye be, mewɔe ɖe kɔkɔeƒe la ƒe kɔkɔenyenye nu o hã.

20 Tete Yehowa se Xizkiya ƒe gbe, eye wòyɔ dɔ dukɔ la.

21 Ale Israel-vi, siwo le Yerusalem la, ɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ gãa ɖe, eye Lewi-viwo kple nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe hadzinuwo kafu Yehowa gbesiagbe sesĩe.

22 Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.

23 Eye ameha blibo la ɖo be, yewoagaɖui ŋkeke adre, eye woɖui ŋkeke adre sɔŋ kple dzidzɔ.

24 Elabena Yuda-fia Xizkiya na nyitsu akpe ɖeka kple ale akpe adre ameha la. Eye nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokui ŋu.

25 Tete Yuda ƒe ameha blibo la, nunɔlawo kple Lewi-viwo, ameha blibo, si tso Israel, kpakple amedzro, siwo tso Israel-nyigba dzi, kple esiwo le Yuda la, kpɔ dzidzɔ.

26 Dzidzɔ gãa ɖe no Yerusalem, elabena tso Israel-fia Salomo, Dawid vi la ŋɔli la esia tɔgbe medzɔ le Yerusalem kpɔ o.

27 Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan