Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme.

1 Eye Salomo dze Yehowa ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem; ɖe Moriya-to, si dzi wòɖe eɖokui fia fofoa Dawid le la dzi, ɖe teƒe, si Dawid dzra ɖo ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe.

2 Edze etutu gɔme le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi

3 Esi Salomo le Mawu ƒe xɔ la tu ge la, ale wòɖo egɔme anyi enye si: didime le abɔklugui tsãtɔ blaade, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave,

4 akpata, si le xɔ la ƒe kekeme ŋgɔ ƒe didime le abɔklugui ewo, eye kɔkɔme; le abɔklugui alafa ɖeka kple blave, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe eme.

5 Eklã sesewuʋuƒowo ɖe xɔ lolotɔ me, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu, eye wòɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe wo me.

6 Eɖo kpe xɔasi xɔ la me, ne wòanye atsyɔ, eye sika la nye Parwayim-sika.

7 Efa sika ɖe xɔ la me, ɖe daɖedziawo, kpuiawo, gliawo kple ʋɔtruawo ŋu, eye woŋlɔ Kerubiwo ɖe gliawo ŋu.

8 Ewɔ kɔkɔefewo ƒe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la wòdidi abɔklugui blave ɖe xɔ la ƒe kekeme nu, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye wòfa sika nyuitɔ talento alafa ade ɖe eme.

9 Gatagbadzɛawo ƒe kpekpeme le sika sekel blaatɔ̃, eye wòfa sika ɖe xɔ etametɔwo me.

10 Ekpa Kerubi eve ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la me, eye wòfa sika ɖe wo ŋu.

11 Kerubiawo ƒe aʋalawo didi abɔklugui blave; ɖeka ƒe aʋala ɖeka le abɔklugui atɔ̃, eye wòtɔ Kerubi evelia ƒe aʋala.

12 Kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka le abɔklugui atɔ̃, eye wòtɔ xɔ la ƒe gli, aʋala evelia le abɔklugui atɔ̃, eye wòtɔ Kerubi evelia ƒe aʋala.

13 Kerubi siawo keke aʋala me wòle abɔklugui blave, wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye wòtrɔ mo de xɔ la.

14 Eye wòtsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ka ɣi lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wòlɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.

15 Ewɔ sɔti eve ɖe xɔ la nu, wokɔ abɔklugui blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòɖo ta na wo wòkɔ abɔklugui atɔ̃.

16 Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe gaɖɔwo ŋu hetsɔ ɖo sɔtiawo ta me, eye wòwɔ yevuboɖa alafa ɖeka hetsɔ de kɔsɔkɔsɔawo ŋu.

17 Eye wòtu sɔtiawo ɖe akpata la nu, ɖeka le ɖusi me, eye evelia le mia me; ena ŋkɔ ɖusimetɔ be Yaxin, eye wòna ŋkɔ miametɔ be Boaz.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan