2 Kronika 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Xizkiya gadzra mawusubɔsubɔ ɖo. 1 Xizkiya xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye wòdu fia ƒe blave va asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Abiya, Zaxarya ƒe vinyɔnu. 2 Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wo pɛpɛpɛ ene. 3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me le dzinu gbãtɔ me la enu Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖo wo ɖo. 4 Ena nunɔlawo kple Lewi-viwo va, eye wokpe ta ɖe teƒe la le ɣedzeƒe gome, 5 eye wògblɔ na wo bena: Mi Lewi-viwo, miɖo tom! Mikɔ mia ɖokui ŋu, eye mikɔ Yehowa, mia tofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ŋu, eye miɖe nu makɔmakɔwo ɖa le kɔkɔeƒe la. 6 Elabena mía fofowo da vo, eye wowɔ nusi nye vɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me; wogblẽe ɖi, eye woɖe ŋku ɖa le Yehowa, si wotrɔ megbe dee la ƒe nɔƒe la ŋu. 7 Wodo akpatala ƒe ʋɔtruwo hã, eye wotsi akaɖiawo, wometsɔ dzudzɔdonu la do dzudzɔe o, eye womesa vɔ le kɔkɔeƒe la na Israel ƒe Mawu la o. 8 Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi, eye wòwɔ wo wòzu bibidonu, ŋɔdzinu kple alɔmeɖenu, abe alesi miele ekpɔmi kple miaƒe ŋkuwo ene. 9 Kpɔ ɖa, mía fofowo tsi yi nu, eye woɖe aboyo míaƒe ŋutsuviwo kple míaƒe nyɔnuviwo kpakple mía srɔ̃wo le esia ta? 10 Azɔ meɖo ɖe ta me be, mabla nu kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ne eƒe dɔmedzoe nu nala ɖe mía ŋu. 11 Vinyewo, migawɔ ƒome o, elabena míawoe Yehowa fia, be mianɔ tsitre ɖe eŋku me, miawɔ eƒe dɔwo, eye mianye eƒe subɔlawo kple dzudzɔdolawo. 12 Tete Lewi-viwo tso; amesiwo tso Kehat viwo dome, wonye: Maxat, Amasai vi, kple Yoel, Azarya vi. Amesiwo tso Merari viwo dome, wonye: Kis, Abdi vi, kple Azarya, Yehalelel vi. Amesiwo tso Gerson viwo dome, wonye: Yoas, Zima vi, kple Eden, Yoax vi. 13 Amesi tso Elizafan viwodome, enye Simri, Yeiel vi. Amesiwo tso Asaf viwo dome, wonye: Zaxarya kple Matanya. 14 Amesiwo tso Heman viwo dome, wonye: Yexiel kple Simei. Eye amesiwo tso Yedutun viwo dome, wonye Semaya kple Uziel. 15 Woƒo wo nɔviwo nu ƒu, eye wokɔ wo dokui ŋu, eye wova le fia ƒe sedede kple Yehowa ƒe nya nu, be yewoakɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu. 16 Eye nunɔlawo ge ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, be yewoakɔ eŋu, eye woɖe nu makɔmakɔ, siwo katã wokpɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, do goe va Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu, eye Lewi-viwo xɔ wo hetsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu. 17 Wodze eŋu kɔkɔ gɔme le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wova ɖo Yehowa ƒe akpata la me le dzinu la ƒe ŋkeke enyiliagbe hekɔ Yehowa ƒe xɔ la ŋu ŋkeke enyi sɔŋ, eye wowu enu le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuiadelia dzi. 18 Eye nunɔlawo yi fia Xizkiya gbɔ gblɔ bena: Míekɔ Yehowa ƒe aƒe blibo la kple numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã kpakple ŋkumeɖobolokplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã ŋuti. 19 Eye míegaɖɔ nusiwo katã fia Axaz do ŋunyɔe le eƒe fiaɖuɖu me, esime wòda vo la ɖo, eye miekɔ wo ŋu; kpɔ ɖa, wole Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ. 20 Tete fia Xizkiya fɔ ŋdi kanya, eye wòƒo dumegãwo nu ƒu heyi Yehowa ƒe aƒe la me. 21 Eye wokplɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre vɛ, be woanye nuvɔ̃vɔsa ɖe fiaɖuƒe la kple kɔkɔeƒe la kpakple Yuda ta. Eye wòde se na Aron viwo, amesiwo nye nunɔlawo, be woasa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi. 22 Wowu nyiawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi; wowu agboawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi; wowu alẽviawo, eye nunɔlawo tsɔ ʋu la wu ɖe vɔsamlekpui la dzi. 23 Eye wokplɔ nuvɔ̃vɔsa ƒe gbɔ̃tsuawo va fia la kple takpekpe la ŋku me, eye wotsɔ woƒe asiwò da ɖe wo dzi. 24 Tete nunɔlawo wu wo hetsɔ woƒe ʋu kɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi, ne wòanye nuvɔ̃vɔsa, ne woatsɔ alé avu na Israel blibo lae, elabena fia la de se be, numevɔsa la kple nuvɔ̃vɔsa la wonye Israel blibo la tɔ. 25 Eɖo Lewi-viwo Yehowa ƒe aƒe la me, eye wòlé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi le Dawid kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple nyagblɔɖila Natan ƒe sedede nu, elabena Yehowa ye de se la to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. 26 Lewi-viwo le tsitrenu kple Dawid ƒe hadzinuawo, eye nunɔlawo lé kpẽawo ɖe asi. 27 Eye Xizkiya de se be, woasa numevɔ le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ esi wode asi numevɔ sasa me la, Yehowa ƒe ha kple kpẽawo kpakple Israel-fia Dawid ƒe hadzinuawo de asi ɖiɖi me. 28 Eye ameha blibo la do gbe ɖa, eye hawo kple kpẽawo ɖi, vaseɖe esime wowu numevɔsa la nu. 29 Esi wowu numevɔsa la nu la, fia la kple eƒe amesiwo katã le eŋu la, dze klo, eye wodo gbe ɖa. 30 Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa. 31 Emegbe Xizkiya xɔ edzi gblɔ bena: Azɔ miekɔ mia ɖokui ŋu na Yehowa Mite va, ne miasa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le Yehowa ƒe aƒe la me! Eye ameha blibo la sa akpedavɔ kple kafukafuvɔ, eye amesiame, si lɔ̃ le eɖokui si lã, sa numevɔ. 32 Numevɔ, si ameha la sa la, le nyi blaadre, agbo alafa ɖeka kple alẽvi alafa eve, nusiawo katã wotsɔ sa numevɔ na Yehowa. 33 Eye nunana kɔkɔewo le nyi alafa ade kple alẽ akpe etɔ. 34 Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ, be woako numevɔsalãwo katã o; eyata wo nɔvi Lewi-viwo kpe ɖe wo ŋu, vaseɖe esime dɔ blibo la wu nu. Eye nunɔlawo kɔ wo ɖokui ŋu, elabena Lewi-viwo ƒe dzime kɔ wu nunɔlawo tɔ ɖe wo ɖokui ŋutikɔkɔ ŋu. 35 Numevɔsa la sɔ gbɔ hekpe ɖe akpedavɔsa ƒe amiwo kple numevɔsa ƒe nunovɔsawo ŋuti. Ale wogaɖo Yehowa ƒe aƒe la me subɔsubɔ te dzi. 36 Eye Xizkiya kple dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ le nusi Mawu wɔ na dukɔ la ŋuti, elabena ɖeko wòva dzɔ zi ɖeka kpoyi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana