2 Kronika 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yotam ɖu dzi nyuie. 1 Yotam xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. 2 Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Uziya wɔ pɛpɛpɛ ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o. Ke dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko. 3 Eɖe dzigbegbo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, eye wòɖo Ofel-gli la yi edzi ŋutɔ. 4 Etso duwo ɖe Yuda-towo dzi, eye wòtu mɔwo kple xɔ tsralawo ɖe avewo me. 5 Ewɔ aʋa kple Amon-viwo ƒe fia hã, eye woɖu wo dzi, eye Amon-viwo tsɔ klosalo talento alafa ɖeka, lu kor akpe ewo kple ƒo kor akpe ewo nɛ le ƒe ma mè. Nusiawo Amon-viwo tsɔ nɛ le ƒe evelia kple ƒe etɔ̃lia hã me. 6 Ale Yotam kpɔ ŋusẽ, elabena ezɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me. 7 Yotam ŋutinya susɔeawo, eƒe aʋawɔwɔwo katã kple eƒe nuwɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ me. 8 Exɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. 9 Eye Yotam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe ɖu la me, eye via Axaz zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana