2 Kronika 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Uziya alo Asarya ɖu dzi nyuie gbã. 1 Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Uziya, amesi xɔ ƒe wuiade la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe. 2 Esime fia la mlɔ fofoawo gbɔ la, etso Elot, eye wògagbugbɔe na Yuda. 3 Uziya xɔ ƒe wuiade, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. 4 Ewo nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Amazya wo pɛpɛpɛ ene. 5 Edi Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa. 6 Eye wòho dawo aʋa kple Filistitɔwo, eye wògbã Gat ƒe gliwo, Yabne ƒe gliwo kple Asdod ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod kple Filistitɔwo dome. 7 Eye Mawu de edzi de Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, amesiwo nɔ Gur-Baal la, kple Meunitɔwo ŋuti. 8 Amonitɔwo dzo nu na Uziya, eye eƒe ŋkɔ de Egipte ke, elabena ekpa ŋusẽ tso me. 9 Uziya tu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem, ɖe dzogoedzigbo la, bali me agbo la kple dzogoe la dzi, eye wòwɔ wo sesĩe. 10 Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede. 11 Aʋawɔla kalẽtɔ, siwo hona dea aʋa hamehame la, le Uziya si, agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia wo xlẽ le Xananya, amesi tso fia ƒe amegãwo dome ƒe dzikpɔkpɔ te. 12 Aƒekɔwo ƒe tatɔwo, siwo le aʋawɔla kalẽtɔwo dome ƒe xexlẽme blibo la le ame akpe eve alafa ade; 13 eye aʋakɔ la le wo si me; aʋawɔla, siwo le klalo la, le ame akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃, ne woakpe ɖe fia la ŋu ɖe futɔwo ŋuti. 14 Uziya wo akpoxɔnuwo, akplɔwo, gakukuwo, gawuwo, dawo kple akafomekpewo na aʋakɔ blibo la. 15 Eye wòwɔ mɔ̃a ɖe, si aɖaŋutɔa ɖe to vɛ la, le Yerusalem, si wotsɔ, da ɖe xɔ tsralawo kple xɔwo ta me, ne woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Eƒe ŋkɔ de du, elabena woxɔ nɛ nukutɔe, vaseɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu. Uziya do eɖokui ɖe dzi, eye Mawu tsɔ anyi he, to nɛ le eya ŋutɔ ƒe numeme ŋuti. 16 Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi. 17 Tete nunɔla Azarya do ɖe eyome, eye Yehowa ƒe nunɔla blanyi, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la, kpe ɖe eŋu. 18 Eye wotsi tre ɖe fia Uziya ŋu gblɔ nɛ bena: Uziya, medze wò be, nado dzudzɔ na Yehowa o, negbe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, amesiwo ŋu wokɔ hena dzudzɔdodo la ko. Do go le kɔkɔeƒe la, elabena èwɔ nu tovo, eye Yehowa made bubua ɖeke ŋuwò o. 19 Tete Uziya ɖo dɔmedzoe, eye wòlé dzudzɔdogba ɖe asi be, wòado dzudzɔ. Ke esi wòdo dɔmedzoe ɖe nunɔlawo ŋu la, anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu le nunɔlawo ŋku me le Yehowa ƒe xɔ la me le dzudzɔdovɔsamlekpui la xa. 20 Eye esi nunɔlawo ƒe tatɔ Azarya kple nunɔlawo katã trɔ kɔ ɖe eŋu la, kpɔ ɖa, edze anyi ɖe ŋgonu, eye wonyae afɔ tsɔtsɔe tso afima. Eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba hedo, le esi Yehowa ƒoe la ta. 21 Ale fia Uziya dze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ aga le xɔa ɖe me abe anyidzelawo ene, elabena wotsri Yehowa ƒe aƒe la nɛ, eye via Yotam nɔ fia ƒe aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la. 22 Uziya ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la, ŋlɔ wo. 23 Eye Uziya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe agble me le fofoawo gbɔ lɔƒo le fiawo ɖiƒe, elabena wogblɔ be: Anyie wòdze. Eye via Yotam zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana