2 Kronika 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amazya zu Yuda-fia. 1 Amazya xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blave vɔ asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yoadan tso; Yerusalem. 2 Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko menye kple dzi blibo o. 3 Eye esi fiaduƒe la li ke ɖe esi me la, ewu eƒe dɔla, siwo wu fofoa fia la. 4 Ke mewu wo viwo o, abe alesi Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: Fofowo megaku ɖe viwo nu o, eye viwo megaku ɖe fofowo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta. 5 Eye Amazya ƒo Yuda blibo la kple Benyamin nu ƒu, eye wòɖo wo le woƒe aƒekɔwo, le ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo nu. Eye wolia amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo la xlẽ, wole ame tiatia akpe alafa etɔ̃, amesiwo ate ŋu ade aʋa, eye woawɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ. 6 Eye wotsɔ klosalo talento alafa ɖeka ɖatsɔ aʋa ŋutsu kalẽtɔ akpe alafa ɖeka le Israel. 7 Eye Mawu ƒe amea ɖe va egbɔ gblɔ bena: Oo fia, Israel ƒe aʋakɔ la megayi kpli wò o, elabena Yehowa meli kple Efrayim-viwo katã, amesiwo nye Israel o, 8 ke boŋ wò ɖeka yi, eye nalé dzi ɖe ƒo le aʋa la me; ne menye nenem o la, Mawu ana natsi wò futɔ si, elabena ŋusẽ le Mawu si, be woaxɔ na ame, alo wòana wòatsi. 9 Amazya gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Evɔ talento alafa ɖeka, si metsɔ na Israel ƒe amehaawo ɖe? Mawu ƒe ame la ɖo ŋu bena: Yehowa ana nu geɖe wò wu esia. 10 Eye Amazya ɖe ameha, siwo tso Efrayim va egbɔ la, ɖe vovo, be wòayi wo ɖe. Tete wodo dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu ŋutɔ, eye wòtrɔ yi wo de kple dziku heliheli. 11 Ke Amazya lé dzi ɖe ƒo he kplɔ eƒe aʋakɔ la; woho va dzeƒe la me, eye wowu Seir-viwo ame akpe ewo. 12 Yuda-viwo lé ame akpe ewo agbagbe, eye wokplɔ wo yi agakpe la ta me, eye wotutu wo tso agakpea ta me, eye wo katã gbã yaʋayaʋa. 13 Ke ameha, siwo Amazya gbugbɔ ɖo ɖa, be womagayi aʋa la kplii o la, yi ɖakaka ɖe Yuda-duwo me tso Samaria vaseɖe Bet-Xoron; wowu ame akpe etɔ̃ le wo dome, eye woha aboyonu geɖe. 14 Esime Amazya ɖu Edomtɔwo dzi, eye wògbɔ la, ehe Seir-viwo ƒe mawuwo gbɔe, eye wòli mawuawo na eɖokui; ede ta agu na wo, eve wòɖo dzudzɔ na wo 15 Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Amazya ŋu, eye wòɖo nyagblɔɖilaa ɖe ɖee wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nu biam mawu, siwo mete ŋu ɖe woƒe dukɔ tso asiwò me o la? 16 Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta. 17 Eye Yuda-fia Amazya de aɖaŋu heɖo ame ɖe Israel-fia Yoas, amesi nye Yehu vi Yoaxaz ƒe vi, be woagblɔ ne bena: Va, ne míakpe akɔ kple mía nɔewo kpɔ! 18 Tete Israel-fia Yoas ɖo ame ɖe Yuda-fia Amazya gblɔ bena: Ŋuvegoe, si le Libanon dzi la, dɔ ame ɖo ɖe sederti, si le Libanon dzi, gblɔ bena: Tsɔ viwònyɔnu na vinyeŋutsu, ne wòaɖe. Tete gbemelã, siwo le Libanon dzi la, va nyã avuzi le ŋuvegoe la dzi. 19 Ele bubum be: kpɔ ɖa, mesi Edomtɔwo; eyata dzi ɖo ƒowò, nèle ɖokuiwò dom ɖe dzi. Tsi aƒe, nukaŋuti nèbe, yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me, eye mia kple Yuda siaa míatsi? 20 Ke Amazya meɖo to o, elabena Mawu gbɔ wòtso, be wòatsɔ wo ade asi, le esi wòbia nu Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. 21 Tete Israel-fia Yoas ho, eye eya kple Yuda-fia Amazya wokpe akɔ le Bet-Semes, si nye Yuda tɔ la. 22 Ke Israel si Yuda, eye wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me. 23 Eye Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, amesi nye Axaz vi Yoas ƒe vi la, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem; eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene. 24 Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã, siwo le Obed-Edom si me le Mawu ƒe aƒe la me, kple fia ƒe aƒe me kesinɔnuwo hekpe ɖe awɔbamewo ŋuti yi Samaria. 25 Le Israel-fia Yoas, Yoaxaz vi ƒe ku megbe la Yuda-fia Amazya, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃. 26 Amazya ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo kple Israel-fiawo ƒe agbalẽ me. 27 Tso esime Amazya trɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem. Tete wòsi yi Laxis; ke wodo ame ɖe eyome ɖe Laxis, eye wowui le afima. 28 Eye wokɔe ɖo sɔ dzi va ɖi ɖe fofoawo gbɔ le Yuda-du la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana