2 Kronika 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fia Yoas wɔ kafukafunu. 1 Yoas xɔ ƒe adre, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blane le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Zibya tso Beer-Seba. 2 Eye Yoas wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã. 3 Eye Yoyada ɖe srɔ̃ eve ne, eye wòdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 4 Le nusiawo megbe la Yoas ɖo ɖe ta me be, yeaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo. 5 Eye wòƒo nunɔlawo kple Lewi-viwo nu ƒu gblɔ na wo bena: Miyi Yuda-duwo me, eye midzɔ ga le Israel blibo la si ƒe sia ƒe, ne miatsɔ aɖo mia Mawu ƒe aƒe la ɖo. Mitsɔ dzo ɖe nusiawɔwɔ ŋu! Ke Lewi-viwo metsɔ dzo ɖe eŋu o. 6 Tete fia la yɔ Yoyada, si nye tatɔ la, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti meɖi tso Lewi-viwo si be, woaɖaxɔ Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe adzɔ, si wòɖo na Israel ƒe ameha la ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu la, tso Yuda kple Yerusalem si oa? 7 Elabena Atalya baɖa ma ƒe viwo gbã Mawu ƒe aƒe la, eye wotsɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe nunana kɔkɔewo katã wɔ Baal tɔe. 8 Tete fia la de se be, woawɔ aɖakaa ɖe, eye wotsɔe ɖa ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo nu le egodo. 9 Eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda kple Yerusalem be, woatsɔ Mawu ƒe dɔla Mose ƒe adzo, si wòɖo na Israel le gbe dzi la, vɛ na Yehowa. 10 Tete amegãwo katã kple dukɔ blibo la kpo dzidzɔ, eye wotsɔe va ko ɖe aɖaka la me, vaseɖe esime wòyɔ. 11 Ne wokpɔ be, ga la sɔ gbɔ la, ekema Lewi-viwo tsɔa aɖaka la yia amesi fia la ɖo la gbɔ, eye fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã ƒe dɔwɔla vana, eye wotrɔnɛ le aɖaka la me gatsɔnɛ ɖadana ɖe eteƒe. Alea wowɔe gbesiagbe, eye woƒo ga geɖe nu ƒu. 12 Eye fia la kple Yoyada wotsɔ wo na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔnunɔlawo, eye woɖatsɔ kpefulawo kple atikpalawo, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo hekpe ɖe gayibɔ- kple akɔblidɔwɔlawo ŋu, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la do. 13 Esi dɔnunɔlawo lé dɔa me la, dɔ la de ŋgɔ to wo si me, eye wogaɖɔ Mawu ƒe aƒe la ɖo wòɖo eƒe nɔnɔme, eye wowɔe asi te eŋu. 14 Ke esi wowɔe vo la, wotsɔ ga susɔea na fia la kple Yoyaɖa, eye wotsɔe wo Yehowa ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã. 15 Yoyada tsi, eye agbe tii, eye woku; exɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ hafi ku. 16 Eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me ɖe fiawo gbɔ, elabena ewɔ nyui na Israel kple Mawu kpakple eƒe aƒe la. Yoas subɔ trɔ̃. 17 Le Yoyada ƒe ku megbe la Yuda-amegãwo va de ta agu na ha la, eye fia la ɖo to woƒe gbe. 18 Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ Aserawo kple legbawo Tete dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi le woƒe fɔɖiɖi sia ta. 19 Eye wòɖo nyagblɔɖilawo ɖe wo gbɔ, be woatrɔ wo ɖe Yehowa ŋu, eye woxlɔ̃ nu wo, ke womeɖo to o. 20 Eye Mawu ƒe gbagba dze nunɔla Yoyada ƒe vi Zaxarya dzi, eye wòtsi tre ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ na wo bena: Ale Mawu gblɔ esi: Nukaŋuti míeɖa Yehowa ƒe se dzi, ne dzɔgbenyuiea ɖeke maganɔ mia ŋu o? Esi miegblẽ Yehowa ɖi la, eyata eya hã gblẽ mi ɖi. 21 Tete wobla ɖe eŋu, eye woƒu kpee le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. 22 Ke fia Yoas meɖo ŋku alesi fofoa Yoyada ve enu la dzi o, eye wowu via. Eye esi wòle kukum la, egblɔ be: Yehowa kpɔe, eye abia eta. Tohehe na Yoas kple ku. 23 Le ƒe ɖeka megbe la Aramtɔwo ƒe aʋakɔ ho ɖe eŋu, eye wova Yuda kple Yerusalem, wowu dukɔ la ƒe amegãwo katã le dukɔ la dome, eye woɖo woƒe aboyonuwo katã ɖe Damasko-fia. 24 Aramtɔwo va kple aʋakɔ suea ɖe ko hafi, ke Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ŋutɔ na wo, le esi wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi la. Eye wohe to na Yoas. 25 Eye esi wodzo le egbɔ la, — ele dɔ lém vevie, hafi wogblẽe ɖi, — eƒe dɔlawo bla ɖe eŋu le hlɔ̃, si wòɖo ɖe nunɔla Yoyada ƒe viwo ŋu la ta; eye wowui ɖe eƒe aba dzi. Ale woku, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o. 26 Amesiwo bla ɖe eŋu la, wonye esi: Zabad, Amoni-nyɔnu Simeat ƒe vi, kple Yozabad, Moab-nyɔnu Simri ƒe vi. 27 Viaŋutsuwo kple nya gbogbo, siwo wogblɔ ɖe eŋu kpakple alesi wògbugbɔ Mawu ƒe aƒe la gɔme ɖo anyi la, woŋlɔ wo ɖe ŋutinya, siwo le fiawo ƒe agbalẽ me la me. Eye via Amazya zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana