Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔla Yoyada si ami na Yoas.

1 Ke le ƒe adrelia me la Yoyada do dzi hebla nu kple ame alafawo ƒe tatɔwo, woawo nye: Azarya, Yeroxam vi, Ismael, Yoxanan vi, Azarya, Obed vi, Maaseya, Adaya vi, kple Elisafat, Zixri vi.

2 Eye wotsa le Yuda godoo heƒo Lewi-viwo nu ƒu tso Yuda-duwo katã me kple Israel ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo nu ƒu, eye wova Yerusalem.

3 Eye ameha blibo la bla nu kple fia la le mawuƒe me; eye wògblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, fiavie aɖu fia, abe alesi Yehowa gblɔ ɖe Dawid viwo ŋu ene.

4 Ale miawo enye si: Nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiwo le da me ɖo ge le dzudzɔgbe dzi la ƒe akpa etɔ̃lia nadzɔ agbo la nu;

5 akpa etɔ̃liawo ɖeka nanɔ fia ƒe me, eye akpa etɔ̃liawo ɖeka nanɔ Yesod-gbo la nu, eye dukɔ blibo la nanɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo.

6 Amea ɖeke megava Yehowa ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo le dɔ wɔm la ko; woawo ko nava, elabena ame kɔkɔewo wonye. Eye dukɔ blibo la nalé Yehowa ƒe ɖoɖowo me ɖe asi.

7 Lewi-viwo dome amesiame nalé eƒe aʋawɔnu ɖe asi, eye woaɖe to ɖe fia la, ne amea ɖe va aƒea me la, woawui; eye minɔ fia la ŋu, ne eva me alo wòdo.

8 Eye Lewi-viwo kple Yuda blibo la wɔ, abe alesi nunɔla Yoyada de se pɛpɛpɛ ene, eye amesiame kplɔ eƒe amewo, amesiwo ɖo dɔ me le dzudzɔgbe dzi kple amesiwo do le dɔ me le dzudzɔgbe dzi siaa, elabena nunɔla Yoyada meɖe asi le amehawo ŋu o.

9 Eye nunɔla Yoyada tsɔ fia Dawid ƒe akplɔwo, akpoxɔnu kple aʋawɔnu, siwo le mawuƒe la me la, na ame alafawo ƒe amegãwo.

10 Eye wòɖo dukɔ blibo la tso xɔ la ƒe ɖusi me kpa dzi vaseɖe xɔ la ƒe mia me kpa dzi heƒo xlã vɔsamlekpui la kple xɔ la, eye woɖe to ɖe fia la.

11 Tete wokplɔ fiavi la ɖoe, woɖɔ fiakuku la nɛ, eye wotsɔ se la de asi nɛ: woɖo fiae, eye nunɔla Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Atalya wuwu.

12 Esi Atalya se dukɔ, si nyã aƒa va le fia la kafum ƒe ɣli la, eyi ɖe dukɔ la gbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.

13 Ke esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe le mɔ nu, eye amegãwo kple kpẽkulawo le fia la gbɔ, dukɔ hahoo la katã le dzidzɔ kpɔm, eye wole kpẽ kum, eye hadzilawo tsɔ hadzinuwo le kafukafuha dzim la, Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!

14 Tete nunɔla Yoyada ɖe se na ame alafawo ƒe amegãwo, amesiwo nye aʋakɔ la kplɔlawo, gblɔ na wo bena: Mikplɔe to ameawo domee, eye ne amea ɖe dze eyome la, miwui kple yi; elabena nunɔla la gblɔ be, womawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.

15 Esi wòlée va ɖo afisi sɔwo tona via fiaƒe me la, wowui ɖe afima.


Baal subɔsubɔ gbegblẽ.

16 Eye Yoyada bla nu kple dukɔ blibo la kpakple fia la be, yewoanye Yehowa ƒe dukɔ.

17 Tete dukɔ blibo la ge ɖe Baal-ƒe me, wòmũ eƒe vɔsamlekpui ƒu anyi, wogbã eƒe legbawo, eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ.

18 Eye Yoyada tsa Yehowa ƒe aƒe la me dowo de asi na nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiwo me Dawid mã hena Yehowa fe aƒe la, be wòasa Yehowa ƒe numevɔ kple dzidzɔ kpakple hadzidzi le Dawid ƒe ɖoɖo la nu, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene.

19 Eɖo agbonudzɔlawo Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbowo nu, be ame makɔmakɔa ɖeke magage ɖe eme o

20 Tete wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, dukɔ la ƒe ame ŋkutawo kple aƒekɔwo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa-ƒe me heto dzigbegbo la nu yi fiaƒe me, eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.

21 Eye anyigba dzi dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ, eye du la me fa. Ke wowu Atalya kple yi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan