2 Kronika 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yoram ƒe Mawu mavɔ̃mavɔ̃ dziɖuɖu. 1 Eye Yosafat mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eye via Yoram zu fia ɖe eteƒe. 2 Nɔviaŋutsu, siwo nye Yosafat viwo, wonye Azarya, Yexiel, Zaxarya, Azarya, Mixael kple Sefatya. Amesiawo katã nye Yuda-fia Yosafat ƒe viwo. 3 Wo fofo na nu geɖe wo, klosalo kple sika kple nu xɔasiwo hekpe ɖe Yuda-du sesẽwo ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yoram, elabena eya nye ŋgɔgbea. 4 Eye esi Yoram va ɖo fofoa ƒe fiaɖuƒe la nu, eye woli ke eɖokui la, etsɔ yi wu nɔviawo katã kple Israel-amegãwo dometɔa ɖewo. 5 Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. 6 Eye wòto Israel-fiawo ƒe ʋe me, abe alesi Axab ƒe aƒe la wɔ ene, elabena eɖe Axab ƒe vinyɔnu, eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me. 7 Ke Yehowa mebe, yeagblẽ Dawid ƒe aƒe la o le nusi wòbia kple Dawid kple alesi wòdo ŋugbe be, yeana akaɖia ɖe eya kple viawo ɖaa la ta. Edomtɔwo ƒe megbedede. 8 Le eŋɔli Edom dze aglã ɖe Yuda le dziɖuɖu ŋu, eye woɖo fia na wo ɖokui. 9 Tete Yoram kple amegãwo ho yi, eye tasiaɖamwo katã kpe ɖe wo ŋu. Eye wòva me be, eya kple eƒe amegãwo tso le zã me ɖasi Edomtɔ, siwo ɖe to ɖee. 10 Ke Edom dze aglã ɖe Yuda ƒe dziduɖu ŋu vaseɖe egbe. Eye Libna hã dze aglã ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu le ɣemaɣi, le esi wògblẽ Yehowa fofoawo ƒe Mawu ɖi la ta. 11 Ewɔ nuxeƒewo hã ɖe Yuda-towo dzi, eye wòna Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo, eye woble Yuda. Eliya ƒe agbalẽ. 12 Tete nyagblɔɖila Eliya ɖo agbalẽ ɖee bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi meto fofowo Yosafat ƒe ʋe me o, 13 ke boŋ neto Israel-fiawo ƒe ʋe me, eye nena Yuda kple Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo abe Axab ƒe aƒe ene, eye nèwu nɔviwòwo hã, amesiwo tso fofowò ƒe me, eye wonyo wu wò la, 14 eyata kpɔ ɖa, Yehowa ahe fuwɔame ava wò dukɔ la, viwòwo kple srɔ̃wòwo kpakple wò kesinɔnuwo katã dzi. 15 Ke wò ŋutɔ la adze dɔ ɖe wò dɔkawo ŋu, eye dɔlele la ana be, nanye wò dɔkawo agbadre. Yoram ku. 16 Eye Yehowa dɔ Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, amesiwo le Kusiviwo xa la ƒe gbɔgbɔ ɖe Yoram ŋu. 17 Eye woho va dze Yuda dzi heta kesinɔnu, siwo katã wokpɔ le fia ƒe me la dzoe; wokplɔ viawo kple srɔ̃wo hã dzoe, eye viŋutsua ɖeke mekpɔtɔ nɛ o, negbe viawo ƒe dɔmlɔea Yoaxaz ko. 18 Eye le nusiawo katã megbe la Yehowa ɖe fu nɛ, eye wòdze dɔ vɔ̃ɖia ɖe ɖe eƒe dɔkawo ŋu. 19 Eye wòva me le ɣeyiɣia ɖewo megbe, esime ƒe eve va yi la, dɔléle la na wònyè eƒe dɔkawo, eye wòse veve geɖe heku; ke eƒe dukɔ la medo dzoa ɖeke nɛ, abe alesi wodo dzo na fofoawo ene o. 20 Exɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe enyi le Yerusalem; eye wòyi, ke eƒe nu meve amea ɖeke o; woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke menye ɖe fiawo ɖiƒe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana