Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosafat ɖu Amonitɔwo kple Moabitɔwo dzi.

1 Le esia megbe la Moab-viwo kple Amon-viwo ho aʋa ɖe Yosafat ŋu, eye Meunitetɔwo kpe ɖewo ŋu.

2 Eye wova gblɔna Yosafat bena: Kpɔ ɖa, ameha gãa ɖe ho ɖe ŋuwò tso Aram, tso ƒu la ƒe go keme dzi, eye kpɔ ɖa, wole Xazezon-Tamar, si nye En-Gedi.

3 Tete Yosafat vɔ̃, eye wotsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu, eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda blibo la, be woatsi nu aɖɔ.

4 Eye Yuda va kpe ta, be woaƒo koko na Yehowa; Yuda-duwo katã me wotso, be woadi Yehowa.

5 Tete Yosafat va Yuda kple Yerusalem ƒe takpekpe la me le Yehowa ƒe me le kpɔ yeye la ŋgɔ

6 gblɔ bena: Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, de menye wòe nye Mawu le dziƒo kple dziɖula ɖe dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi oa? Asiwò me ŋusẽ kple kamesesẽ le, eye amea ɖeke mate ŋu ana te ɖe nuwò o.

7 Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?

8 Wotso aƒe de edzi, eye wotu kɔkɔeƒe ɖe edzi na wò ŋkɔ la gblɔ bena:

9 Ne dzɔgbevɔ̃e, yi, tohehe, dɔvɔ̃ kple dɔwuame va mia dzi, eye mieva xɔ sia ŋgɔ kple ŋkuwò me, elabena wò ŋkɔ le xɔ sia me, eye mieɖo ɣli na wò le míaƒe xaxa me la, ekema nasée, eye naɖe mí!

10 Azɔ kpɔ ɖa, Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo le Seir-towo dzi, amesiwo dome mèɖe mɔ na Israel, be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsi wo o la,

11 kpɔ ɖa, woawoe nye esi, be yewoawɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu, eye wova, be yewoanyã mi ɖa tso wò anyigba, si nètsɔ na mi la dzi.

12 Mia Mawu, madrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽa ɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Mienya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.

13 Eye Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe vidzĩewo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.

14 Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yexaziel, Zaxarya vi, amesi nye Benaya vi amesi nye Yeiel vi, amesi nye Matanya vi la dzi le takpekpe lãme; enye Lewi-vi tso Asaf viwo dome,

15 eye wògblɔ bena: Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe.

16 Etsɔ la miho ɖe wo ŋu, kpɔ ɖa, woava Haziz-to dzi mɔ dzi, eye miaƒo go wo le bali la nu le Yeruel-gbegbe ŋgɔ.

17 Miele asi ɖe ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne míakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu. Yehowa li kpli mi!

18 Tete Yosafat ɖe ta agu, eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe ta agu ɖe Yehowa ŋku me, eye wodo gbe ɖa na Yehowa.

19 Eye Lewi-viwo, siwo tso Kehat viwo kple Korax viwo dome la, tsi tre, eye wodo ɣli sesĩe kafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la hoo.

20 Eye wòfɔ ŋdi kanya heho ɖo ta Tekoa-gbedzi. Esi woho la, Yosafat tsi tre ɖi gblɔ bena: Miɖo tom, mi Yuda kple Yerusalemtɔwo! Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!

21 Tete wòɖo aɖaŋu kple dukɔ la be, ne woho la, yeaɖo Yehowa ƒe hadzilawo, siwo ɖoa atsyɔ kɔkɔe hedzia kafukafuha la, akpablalawo ŋgɔ, eye woanɔ ha dzim be: Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!

22 Eye wòva me, esime wode asi aseyetsotso me, eye wole kafukafuha dzim la, Yehowa kplɔ xadelawo de Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo tso Seir-towo dzi, amesiwo ho ɖe Yuda ŋu la, eye wowu wo nɔewo.

23 Tete Amon-viwo kple Moab-viwo tso ɖe amesiwo tso Seir-towo dzi la ŋuti, wòdza wo ƒu anyi, eye wotsrɔ̃ wo. Eye esi wotsrɔ̃ Seir-to dzi nɔlawo vɔ la, wotsrɔ̃ wo nɔewo.

24 Esi Yuda va toa ta me le gbea dzi, eye wòtrɔ ɖe ameha la ŋu la, kpɔ ɖa, ame kukuwo ɖo baba ɖe anyigba, eye amea ɖeke mekpɔtɔ o.

25 Tete Yosafat kple eƒe aʋakɔ la va, be woaha aboyonuawo, eye wokpɔ kesinɔnuwo, awuwo kple nu xɔasiwo le wo dome fũ; eye woha wo, ale be wò wu tsɔtsɔ na wo. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ wole aboyonuawo haha dzi, elabena wosɔ gbɔ ŋutɔ.

26 Le ŋkeke eneagbe la wokpe ta ɖe kafukafubali la me, elabena afima wokafu Yehowa le; eyata wona ŋkɔ teƒe ma be: kafukafubalime vaseɖe egbe.

27 Eye Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-ŋutsuwo katã trɔ gbɔ, eye Yosafat le wo nu hegbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo ɖe woƒe tutɔwo ŋu.

28 Eye wogbɔ va Yerusalem hetsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo kple kpẽwo yi Yehowa ƒe aƒe la me.

29 Eye Mawu ƒe ŋɔdzi lé anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, esime wose be, Yehowa wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo.

30 Ale Yosafat ƒe fiaɖuƒe la ŋu fa, elabena Mawu na wokpɔ gbɔdzɔe godoo va kpe.


Yosafat bla nu kple Axazya.

31 Yosafat ɖu fia ɖe Yuda dzi. Exɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blave vɔ atɔ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Azuba, Silxi vinyɔnu.

32 Eto fofoa Asa ƒe ʋe me, eye megbe nusi dze Yehowa ŋu la wɔwɔ o.

33 Ke womeɖe nuxeƒewo ɖa o, eye dukɔ la metsɔ woƒe dzi ɖo wo fofowo ƒe Mawu la ŋu haɖe o.

34 Yosafat ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Yehu, Xanani vi fe ŋutinya, si wotsɔ de Israel-fiawo ƒe agbalẽ me la me.

35 Esia megbe la Yuda-fia Yosafat bla nu kple Israel-fia Axazya, amesi nye nu vlo wɔla.

36 Ebia nu kplu be, yeatu ʋuwo, ne wòayi Tarsis, eye wotu ʋuawo le Ezyon-Geber.

37 Ke Eliezer, Dodawa vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi na Yosafat bena: Esi nebla nu kple Axazya la, eyata Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔ me na wo Tete ʋuawo gbã, eye womete ŋu de Tarsis o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan