Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Salomo bla nu kple Tiro-fia Xuram la gbedoxɔ tutu ŋuti.

1 Eye Salomo xlẽ agbatsɔla akpe blaadre kple kpefula akpe blanyi le towo dzi; wo dzikpɔlawo le ame akpe etɔ kple alafa ade.

2 Emegbe Salomo dɔ amewo do ɖe Tiro-fia Xuram, ne woagblɔ nɛ bena;. Alesi nèwɔ na fofonye Dawid, eye nèɖo sedertiwo ɖee, be wòatsɔ atu xɔ anɔ eme la,

3 kpɔ ɖa, mele didim be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo atike ʋeʋẽe le eŋku me, woada ŋkumeɖobolo ɖi, eye woasa numevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkekenyuiewo dzi; Israel ƒe dɔ nye esia tegbee.

4 Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.

5 Ameka ŋu ŋusẽ le, ne wòatu xɔ nɛ? Elabena dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo nɛ o; ameka menye, ne mahayi xɔ tu ge nɛ; ɖe menye dzudzɔ ko mate ŋu ado le eŋku me oa?

6 Eyata do ŋutsu aɖaŋutɔa ɖe ɖem, amesi nya sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzẽ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔwɔwɔ, eye wonyã aliŋɔŋlɔ la, wòava akpe ɖe aɖaŋutɔ, siwo le gbɔnye le Yuda kple Yerusalem, amesiwo fofonye Dawid do la ŋuti.

7 Eye do sedertiwo, sesewutiwo kple papawutiwo dem tso Libanon, elabena menyae bena, wò amewo nya Libanontiwo lalã, eye nye amewo akpe ɖe wò amewo ŋu,

8 ne woaƒo atiwo nu ƒu nam taŋtaŋ, elabena xɔ, si tu ge mala la, alolo eteƒe makɔ o.

9 Kpɔ ɖa, matsɔ lu kor akpe blave kple ƒo kor akpe blave woanye nuɖuɖu na wò dɔla, siwo le atiawo lãm, hekpe ɖe wein bat akpe blave kple ami bat akpe blave ŋu.

10 Tete Tiro-fia Xuram ŋlɔ ɖe agbalẽ me ɖo ɖe Salomo bena: Esi Yehowa lɔ̃ eƒe dukɔ ŋuti la, eyata wotsɔ wò ɖo fiae ɖewo dzi.

11 Eye Xuram gblɔ bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòna vi nyanu fia Dawid, amesi si gɔmesese kple nunya le, ne wòatu xɔ na Yehowa, eye wòatu xɔ na eƒe fiaɖuƒe.

12 Eyata mele Xuram Abi ɖom ɖe wò, amesi nye aɖaŋutɔ, eye nunya le tagba ne;

13 Dan-vinyɔnuwo dometɔ ɖeka ƒe vi wònye, ke fofoa nye Tirotɔ; enya sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, kpe kple atiwo, aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ, aklala kple: nyagãdzi ŋu dɔwɔwɔ, enya nɔnɔme vovovowo ɖeɖe, eye wòbua aɖaŋu vovovo, siwo woɖo ne la ŋu, be woakpe ɖe wò aɖaŋuawo kple nye aƒetɔ, fofowò Dawid ƒe aɖaŋuawo ŋu.

14 Eye naɖo lu kple ƒo, ami kple wein, siwo ŋu nya nye aƒetɔ gblɔ la, ɖe wò dɔlawo;

15 ekema miatso atiawo le Libanon-to dzi, alesi nu nèhiã, eye míabla wo tatata ato ƒu dzi ava Yafo na wò, eye nava afɔ wo ayi Yerusalem.

16 Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.

17 Etso wo dometɔ akpe blaadre wo agbatsɔlawoe, etsɔ ame akpe blanyi wɔ kpefulawoe le towo dzi, eye ame akpe etɔ̃ kple alafa ade nye dzikpɔlawo, amesiwo kpɔ dukɔ la dzi le dɔwɔwɔ me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan