2 Kronika 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yehu he to na Yosafat le eƒe ɖekawɔwɔ kple Axab ŋuti. Yehu gaɖɔ mawusubɔsubɔ vavãtɔ kple nyadɔdrɔ̃ a anyi. 1 Ke Yuda-fia Yosafat gbugbɔ yi eƒe me le Yerusalem le ŋutifafa me. 2 Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wogblɔ na fia Yosafat bena: Ame vlo ŋu nèyi ɖakpe ɖoa, eye nèlɔ amesi lé fu Yehowa a? Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo. 3 Ke wokpɔ nyuiwɔwɔa ɖewo le ŋuwò, elabena eɖe Asera wo ɖale anyigba la dzi, eye nètso wò dzi di Mawu. 4 Eye Yosafat no Yerusalem; emegbe egatsa le dukɔ la dome tso Beer-Seba vaseɖe Efrayim-to dzi, eye wòtrɔ wo ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. 5 Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo Yuda-du sesẽwo katã me le anyigba la dzi, du sia du kple etɔ. 6 Eye wògblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo bena: Miɖo ŋku anyi le nusi ke miewɔna la me, elabena menye amegbetɔwo miedrɔ̃a ʋɔnu na o, ke boŋ Yehowa ye, eye ele mia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe la. 7 Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o! 8 Eye Yosafat ɖo Lewi-viwo kple nunɔlawo kpakple Israel ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo dometɔa ɖewo Yerusalem hã ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kple dzrenyawo ŋu. Esi wògbɔ va Yerusalem la, 9 ede se na wo gblɔ bena: Ale miawɔ anukwaretɔe le Yehowa vɔvɔ̃ me kple miaƒe dzi blibo la enye si: 10 Ne mia nɔvi, siwo le woƒe duwo me, he nyaa ɖe vɛ na mi, hlɔ̃nya alo nufiamewo, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu nya la, ekema mixlɔ̃ nu wo, ne womagaɖi fɔ ɖe Yehowa ŋu, eye dɔmedzoe nava mia kple mia nɔviwo dzi o; alea miawɔ, ne miagaɖi fɔ o. 11 Kpɔ da, nunɔlagã Amarya le mia nu de Yehowa ƒe nyawo katã ŋu, eye Yuda ƒe aƒe ƒe amegã Zebadya, Ismael vi, li de fia ƒe nyawo katã ŋu, eye Lewi-viwo nye dɔnunɔlawo le mia si. Misẽ ŋu le miaƒe nuwo wɔwɔ me, eye Yehowa anɔ kple ame nyui la! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana