2 Kronika 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yosafat kple Axab woho aʋa ɖe Asiriatɔwo ŋuti. 1 Ale kesinɔnu kple bubu su Yosafat si taŋ, eye wòzu Axab ƒe to. 2 Le ƒea ɖewo megbe la eyi Axab gbɔ le Samaria, eye Axab wu alẽwo kple nyiwo fũ na eya kple amesiwo kpe ɖe eŋu; eye woble enu yi Ramot-Gilead. 3 Israel-fia Axab gblɔ na Yuda-fia Yosafat bena; Ayi Ramot-Gilead kplima? Eɖo ŋu nɛ bena: Mele abe wò ene, eye wò dukɔ le abe nye dukɔ ene, mayi aʋa la kpli wò! 4 Ke Yosafat gblɔ na Israel-fia bena: Bia gbe Yehowa se gbɔ! 5 Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu, eye wògblɔ na wo bena: Maho aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo nyemagayi oa? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Mawu atsɔe ade asi na fia la! 6 Tete Yosafat gblɔ bena: De Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia nu le egbɔ oa? 7 Israel-fia ɖo ŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, si gbɔ wobiaa gbe Yehowa le; ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe vɔ̃a ko; eya nye Mixa, Yimla vi. Yosafat gblɔ bena: Fia la megana nu ƒom alea o. 8 Tete Israel-fia yɔ aƒedzikpɔla ɖeka gblɔ bena: Yi ɖayɔ Mixa, Yimla vi vɛ fififi! 9 Eye Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat wo dome ɖesiaɖe do fiawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye wobɔbɔ no lugbɔƒe le Samaria-gbo nu, eye nyagblɔɖilawo katã le nya gblɔm ɖi le wo ŋku me. 10 Zedekya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lãdzowo gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esiawo natsɔ atu Aramtɔwo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ. 11 Eye nyagblɔɖilawo katã gblɔ nya ɖi alea gblɔ bena: Ho yi Ramot-Gilead, eye adze edzi na wò; elabena Yehowa atsɔe ade asi na fia la. 12 Eye dɔla, si yi Mixa yɔ ge la, gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe gbe sɔ, eye wogblɔ nya nyui na fia la; eyata wò nya nena abe wo dome ɖesiaɖe ta ene, eye ƒo nu nyuie! 13 Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi! Mixa gblɔ tete ɖe anyi ɖi. 14 Esi wòva fia la gbɔ la, fia la gblɔ nɛ bena: Mixa, mího aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo migayi oa? Eɖo ŋu be: Miho yi, adze edzi nami, eye woatsɔ wo ade asi na mi! 15 Tete fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie maka atam na wò be, nato nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea? 16 Eɖo ŋu be: Mekpe Israel blibo la woka xlẽ ɖe towo dzi abe alé, siwo kplɔlaa ɖeke mele wo nu o ene; eye Yehowa gblɔ be; Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me faa! 17 Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Nyemegblɔe na wò be, metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko oa? 18 Eye wògblɔ nɛ be: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ no eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre le eƒe ɖusi kple mia me. 19 Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaflu Israel-fia Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot-Gilead a? Amesi be ale, ame keme be ale. 20 Tete gbɔgbɔa ɖe do ɖe Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui! Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe? 21 Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã, ƒe nu me. Eye wògblɔ bena: Ate ŋu aflui vavã. Heyi ɖawɔ alea! 22 Eyata kpo ɖa, Yehowa ye ɖe aʋatsogbɔgbɔ wò nyagblɔɖila siawo nu; elabena Yehowa do dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò. 23 Tete Zedekya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi va ƒo nu kpli wò? 24 Mixa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, àkpɔe le gbesigbe nasi atso xa me ayi xɔ me, be naɣla ɖokuiwò! 25 Tete Israel-fia gblɔ bena: Milé Mixa, ne miakplɔe agbugbɔ ayi dumegã Amon kple fiavi Yoas gbɔ, 26 eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo via ɖe koe wòaɖu kple tsi via ɖe koe, vaseɖe esime matrɔ agbɔ le ŋutifafa me. 27 Mixa ɖo ŋu bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowa ye ƒo nu to dzinye o. Eye wògblɔ bena: Mi dukɔwo katã, miele esema? Axab ƒe ku. 28 Tete Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat woho yi Ramot-Gilead. 29 Eye Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Maɖo li nye awuwo, eye mayi aʋa la nu, ke wò la wò awuwo nenɔ ŋuwò! Eye Israel-fia ɖɔ li eƒe awuwo heyi aʋa la nu. 30 Ke Aram-fia de se na eƒe tasiaɖam-amegãwo gblɔ bena: Migakpe kple ame tsɛ loo alo amegãa ɖeke o, ke boŋ mikpe kple Israel-na ɖeɖeko! 31 Esi tasiaɖam-amegãwo kpo Yosafat la, woɖe to ɖee, be woakpe kplii, elabena wobu be, eya nye Israel-fia la. Tete Yosafat de asi aƒadodo me; eye Yehowa xɔ nɛ, eye Mawu ble wo dzoe le eŋu. 32 Esi tasiaɖam-amegãwo kpɔ be, menye Israel-fia lae o la, wotrɔ dzo le eŋu. 33 Ke ŋutsua ɖe vu eƒe da me heda ɖe ya me, eye wote Israel-fia le gawua kpeƒe. Tete wògblɔ na eƒe tasiaɖamkplɔla bena: Trɔ, ne nakplɔm dzo le aʋa la nu, elabena mexɔ abi! 34 Aʋa la nu sẽ gbemagbe, eye Israel-fia tsi tre ɖe tasiaɖam la me le Aramtɔwo kasa vaseɖe fiẽ, eve woku, esime ɣe ɖo to. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana