2 Kronika 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yosafat ƒe dziɖuɖu nyui. 1 Eye via Yosafat zu fia ɖe eteƒe, eye wòglã eɖokui ɖe Israel ŋu. 2 Eɖe asrafowo ɖo Yuda-du sesẽwo katã me, eye wòɖe amewo ɖo Yuda-nyigba dzi kple Efrayim-du, siwo fofoa Asa xɔ la me. 3 Eye Yehowa nɔ kple Yosafat, elabena ezɔ fofoa Dawid ƒe mɔ tsãtɔwo dzi, eye mebia Baal ta se o; 4 ke boŋ ebia fofoa ƒe Mawu la ta se, ezɔ le eƒe sewo nu, eye mewɔ Israel ƒe nuwɔwɔ o. 5 Eyata Yehowa li ke fiaɖuƒe la ɖe esi me, eye Yuda blibo la tsɔ nunanawo na Yosafat, ale be kesinɔnu kple bubu siaa su esi. 6 Eye esi dzi ɖo eƒo le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, eɖe nuxeƒewo kple Aserawo ɖa le Yuda. 7 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la edɔ eƒe amegãwo: Ben-Xayil, Obadya, Zaxarya, Netaneel kple Mixaya ɖa, ne woaɖafia nu le Yuda-duwo me; 8 eye Semaya, Netanya, Zebadya, Asahel, Semiramot, Yonatan, Adoniya, Tobiya kple Tob-Adoniya, amesiwo nye Lewi-viwo kpakple nunɔla Elisama kple Yoram kpe ɖe wo ŋu. 9 Wotso Yehowa ƒe segbalẽ la ɖe asi, eye wofia nu le Yuda, wotsa le Yuda-duwo katã me, eye wofia nu dukɔ la. 10 Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi dze anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã ƒo xlã Yuda godoo la dzi, ale be womewɔ aʋaa ɖeke kple Yosafat o. 11 Filistitɔwo dometɔa ɖewo tso nunanawo kple klosalo geɖe vɛ na Yosafat, eye Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adre kple alafa adre kpakple gbɔ̃tsu akpe adre kple alafa adre vɛ ne. 12 Eye Yosafat le gã zum ɖe dzi ɖaa ŋutɔ, etu mɔwo, eye wòtso nudzraɖoƒeduwo ɖe Yuda. 13 Edzra nuɖuɖu geɖe ɖo ɖe Yuda-duwo me, eye ŋutsu aʋawɔla kalẽtɔwo le esi le Yerusalem. 14 Woƒe amesiwo wotia xlẽ la, wonye esi le woƒe aƒekɔwo nu: Ame akpewo ƒe tatɔ, siwo tso Yuda, wonye: Amegã Adna, ŋutsu kalẽtɔ akpe alafa etɔ̃ te eŋu; 15 amesi kpe ɖe eŋu, enye amegã Yoxanan, ame akpe alafa eve blanyi le eŋu; 16 eye amesi kpe ɖe eŋu, enye Amasya, Zixri vi, amesi tso eɖokui na Yehowa faa, ŋutsu kalẽto akpe alafa eve le eŋu. 17 Esiwo tso Benyamin, wonye: Ŋutsu kalẽtɔ Elyada, ame akpe alafa eve le eŋu, amesiwo kplaa dati kple akpoxɔnu; 18 amesi kpe ɖe eŋu, enye Yozabad, ame akpe alafa ɖeka kple blanyi le eŋu, amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu. 19 Amesiawoe subɔa fia la hekpe ɖe amesiwo fia la ɖo du sesẽwo me le Yuda blibo la ŋuti. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana