2 Kronika 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Baesa ho aʋa ɖe Asa ŋuti, eye wowɔ nuvɔ̃ ɖo Mawu kple eƒe nyagblɔɖila ŋuti. 1 Le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adelia me la Israel-fia Baesa ho ɖe Yuda ŋu, eye wòtso Rama, ne woana be. Yuda-fia Asa ƒe amea ɖeke magaɖo alo agbɔ o. 2 Tete Asa tsɔ klosalo kple sika le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe ɖo ɖe Aram-fia Ben-Hadad, amesi le Damasko bena: 3 Nubabla le mia kpli wò, fofonye kple fofowò dome: kpɔ ɖa, mele klosalo kple sika ɖom ɖe wò, be natu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ne woadzo le gbɔnye. 4 Tete Ben-Hadad se fia Asa ƒe gbe, eye wòdɔ eƒe aʋafiawo ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Yion, Dan kple Abel-Mayim kpakple Naftali ƒe nudzraɖoƒeduwo katã. 5 Eye esi Baesa see la, edzudzɔ Rama tsotso, eye wòtasi eƒe dɔ la. 6 Eye fía Asa kplɔ Yuda blibo la woɖafɔ kpe kple ati, siwo Baesa tsɔ le Rama tsomi la, eye wotsɔ wo tso Geba kple Mizpa. 7 Tete nukpɔla Xanani va Yuda-fia Asa gbɔ ɣemaɣi gblɔ nɛ bena: Esi nède me Aram-fia, eye mède me Yehowa, wò Mawu o la, eyata Aram-fia ƒe aʋakɔ ge le asiwò me. 8 Alo ɖe Kusitɔwo kple Lubitɔwo menye aʋakɔ gãa ɖe hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu kpaŋkpaŋ oa? Ke esi nède me Yehowa la, ɖe nyemetsɔ wo de asi na wò oa? 9 Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme. 10 Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi. Asa ku. 11 Asa ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo kple lsrael-fiawo ƒe agbalẽ me. 12 Eye Asa dze da ɖe afɔ le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ va asiekelia me, eye ɖɔ la do gã ɖe edzi; ke mebia gbe Yehowa se le eƒe dɔléle la me o, negbe atikewɔlawo ko. 13 Eye Asa mlɔ fofoawo gbɔ; eku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blane vɔ ɖekɛlia me. 14 Eye woɖii ɖe eƒe yɔdo, si wòɖe ɖe Dawid ƒe dua me la me; wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋẽe vovovo, siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ, da ɖo la dzi, eye wodo dzo gãa ɖe nɛ eteƒe mekɔ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana