2 Kronika 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Asa ɖadzra mawusubɔsubɔ ɖu, eye woɖu akpedada-ŋkekenyuie le dzi, si woɖo la ŋuti. 1 Eye Mawu ƒe gbugbɔ va Azarya, Obed vi dzi; 2 eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi. 3 Ŋkeke nanewo va yi, le esiwo me Mawu vava la kple nunɔlawo, siwo nye nufialawo, kpakple sea ɖeke mena Israel si o. 4 Ke esi woɖo xaxa me la, wòtrɔ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye esi woɖii la, ena wokpɔe. 5 Le ɣemaɣi la ŋutifafaa ɖeke menɔ anyi na amesiwo doa go kple amesiwo gbɔna la o, elabena ŋɔdzi gãa ɖe va anyigba dzi nɔlawo katã dzi. 6 Dukɔ kple dukɔ kpe, eye ɖu kple du kpe, elabena Mawu tsɔ hiã vovovowo do ŋɔdzi na wo. 7 Ke miawo milé dzi ɖe ƒo, eye miaƒe asi megado agblɔ o; elabena fetu li na miaƒe dɔwɔwɔ la! 8 Ke esi Asa se nyagblɔɖila Obed ƒe nya siawo kple eƒe nyagblɔɖiawo la, dzi ɖo eƒo, eye wò ɖe ŋunyɔnuwo ɖa tso Yuda-nyigba blibo la dzi kple Benyamin kpakple du, siwo woxɔ ɖe Efrayim-to dzi la me, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si le Yehowa ƒe akpata nu la ɖo, 9 eye wòƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple amesiwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va dze egbɔ la nu ƒu, elabena ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be, Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii. 10 Eye wova kpe ta ɖe Yerusalem le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me le dzinu etɔ̃lia dzi. 11 Wotsɔ aboyonu, siwo wotsɔ gbɔe la ƒe ɖewo sa vɔe gbemagbe na Yehowa: nyi alafa adre kple alé akpe adre. 12 Eye woge ɖe nubabla me, be yewoadi Yehowa, yewo fofowo ƒe Mawu la, tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me. 13 Amesiame, si ke meɖi Yehowa, Israel ƒe Mawu o la, woawui, tso ɖeviwo dzi vaseɖe ame tsitsiwo dzi, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o. 14 Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotso aseye, eye woku kpẽwo kple lãdzowo heka atam na Yehowa. 15 Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ le atamkaka la ŋu, elabena wokae tso dzi blibo me. Wodii kple woƒe lɔlɔ̃nu blibo, eye wòna wokpɔe, eye Yehowa na gbɔdzɔe wo godoo va kpe. 16 Eye fia Asa ɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewɔ legba na Asera. Asa mũ legba la, eye wògbãe ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me 17 Ke womede nuxeƒewo ɖa le Israel o; gake Asa ƒe dzi nɔ blibo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. 18 Eye wotsɔ fofoa ƒe nu kɔkɔewo kple eya ŋutɔ ƒe nu kɔkɔewo, siwo nye klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo, yi Mawu ƒe aƒe la me. 19 Eye aʋaa ɖeke medzɔ kpɔ o, vaseɖe Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃lia me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana