2 Kronika 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Asa ɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa, eye woli ke eɖokui. 1 Eye Asa wo nusi nyo, eye wòdze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu. 2 Eɖe vɔsamlekpui tutowo kple nuxeƒewo ɖa, egbã aƒeliwo, eye wòlã Aserawo 3 hede se na Yuda bena, woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye woawo eƒe nufiamewo kple eƒe sewo dzi. 4 Eɖe nuxeƒewo kple ɣelegbawo ɖa le Yuda-duwo katã me, eye fiaɖuƒe la kpɔ gbɔdzɔe le ele. 5 Etso du sesẽwo ɖe Yuda, elabena anyigba la kpɔ gbɔdzɔe, eye mewo aʋaa ɖeke le ƒe siawo me o, elabena Yehowa na eŋuti fa. 6 Eye wogblɔ na Yuda bena: Mina míagbugbɔ du siawo atso, miaɖo gli aƒo xlã wo, míatu xa tsralawo, eye miade agbo kple gametiwo wo nu; anyigba la ŋu vo na mi, elabena miedi Yehowa, mia Mawu la; esi miedii la, eyata wòna gbɔdzɔe mi godoo. Tete wotso wo, eye wowɔe de goe dedie. 7 Eye aʋakɔ nɔ Asa si. Amesiwo tso Yuda, eye wokpla akpoxɔnu kple akplɔ la, wole ame akpe alafa etɔ̃, eye amesiwo tso Benyamin, wokpla akpoxɔnu, eye wodaa da la, wole ame akpe alafa eve kple blanyi; amesiawo katã wonye kalẽtɔwo. Via ɖu ame yibɔwo dzi. 8 Eye Kusitɔ Zerax tsɔ aʋawɔla akpe teƒe akpe kpakple tasiaɖam alafa etɔ̃ ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wòva keke Maresa ke. 9 Eye Asa ho yi ɖakpee, eye wodze aʋa ɖe Zefata-bali la me le Maresa gbɔ. 10 Tete Asa yɔ Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, amea ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò, si axɔ na ame le ame kako kple ame beli ƒe aʋawɔwɔ me o. Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe miede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔa ɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o. 11 Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si. 12 Eye Asa kple aʋakɔ, si le eŋu la, ti wo yome vaseɖe Gerar, eye Kusitɔwo tsi aʋa, ale be wo dometɔa ɖeke metsi agbe o; elabena wotsrɔ̃ le Yehowa kple eƒe aʋakɔ la ŋgɔ. Eye woha nu geɖe ŋutɔ. 13 Wòsi du, siwo katã le Gerar ŋu godoo; elabena Yehowa ƒe vɔvɔ̃ dze wo dzi; eye woha duawo katã, elabena nu geɖe le wo me. 14 Wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã, eye wokplɔ alẽ geɖewo kple kposɔwo dzoe hegbugbɔ va Yerusalem. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana