Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Abiya ɖu Yerobeam dzi

1 Abiya zu fia ɖe Yuda dzi le Yerobeam ƒe ƒe wuienyilia me.

2 Eɖu fia le Yerusalem ƒe etɔ̃, eye dadaa ŋkɔ nye Mixaya, Uriel vinyɔnu, tso Gibea. Eye aʋa na Abiya kple Yerobeam dome.

3 Abiya tsɔ ŋutsu kalẽtɔ tiatia akpe alafa ene dze aʋa la gɔmee, eye Yerobeam tso ŋutsu kalẽto tiatia akpe alafa enyi ɖakpe aʋa kplii.

4 Eye Abiya tsi tre ɖe Zemarayim-to dzi le Efrayim-towo dome gblɔ bena: Yerobeam kple Israel blibo la, miɖo tom!

5 Ɖe mienyae bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso Israel-fiaɖuƒe la na Dawid kple viawo, ne wòanye dzenubabla tegbee oa?

6 Ke Yerobeam, Nebat vi, amesi nye Dawid vi, Salomo ƒe dɔla tso, eye wòdze aglã ɖe eƒe aƒetɔ ŋu,

7 eye yakamewo kple ame ɖigbɔwo ƒo ta kplii ɖe eŋu, eye wodo dzi tsi tre ɖe Salomo vi Rexabeam ŋuti: elabena Rexabeam nye ɖevi, eye dzi mele eƒo, ne wòana te ɖe wo nu o.

8 Azɔ miele susum be, yewoate ŋu anɔ te ɖe Yehowa ƒe fiaɖuƒe, si le Dawid viwo si me la nu, le esi miesɔ gbɔ fũ, eye sikanyivi, siwo Yerobeam tsa wo mawuwo na mi la, le mia gbɔ ŋuti.

9 Ɖe menye miawoe nyã Yehowa ƒe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo kple Lewi-viwo, eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui abe anyigba dzi dukɔwo ene oa? Ne amesiame nya tso nyitsuvi ɖeka kple agbo adre vɛ, be woaɖo ye la, ekema wotsɔnɛ ɖoa mawu maɖimawuwo ƒe nunɔlae.

10 Ke miawo la, Yehowa enye mia Mawu, eye miegblẽe ɖi o; Aron viwo nye nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa, eye Lewi-viwo le woƒe dɔwo nu;

11 woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.

12 Kpɔ ɖa, Mawu kple eƒe nunɔlawo le mía nu, eye aseyetsokpẽawo li, be woaku ɖe mia ŋu Israel-viwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o, elabena madze edzi na mi o!

13 Ke Yerobeam na xadelawo trɔ, ne woaɖadze wo dzi le megbe gome; woawo dze ŋgɔ Yuda, eye xadelawo le megbe nɛ.

14 Eye esi Yuda trɔ la, kpɔ ɖa, wodze aʋa ɖe eŋu le ŋgɔ kple megbe siaa. Tete wodo ɣli yɔ Yehowa, nunɔlawo le kpẽawo kum,

15 eye Yuda-ŋutsuwo le aʋaɣli dom. Esi Yuda-ŋutsuwo le aʋaɣli dom; la, Mawu si Yerobeam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋgɔ.

16 Tete Israel-viwo si le Yuda ŋgɔ, eye Mawu tsɔ wo de asi na wo.

17 Eye Abiya kple eƒe dukɔ la si wo vevie ŋutɔ, eye ŋutsu dana akpe alafa atɔ̃ ku le Israel dome.

18 Ale wobɔbɔ Israel-viwo ɖe anyi ɣemaɣi, ke Yuda kpɔ ŋusẽ, elabena woziɔ ɖe wo fofowo ƒe Mawu la ŋu.

19 Abiya ti Yerobeam yome, eye wòxɔ eƒe duwo, siwo nye Betel kple eŋu duwo, Yesana kple eŋu duwo kpakple Efron kple eŋu duwo.

20 Eye ŋusẽa ɖeke menɔ Yerobeam; ŋu le Abiya ƒe agbenɔɣi o; eye Yehowa ƒoe woku.

21 Eye Abiya ti ke eɖokui; eɖe srɔ̃ ewo, eye wòdzi ŋutsuvi blave vɔ eve kple nyɔnuvi wuiade.

22 Abiya ŋutinya susɔeawo, eƒe zɔzɔme kple eƒe nuƒoƒowo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Ido ƒe ŋutinyagbalẽ me.

23 Eye Abiya mlɔ fofoawo gbɔ, woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, eye via Asa zu fia ɖe eteƒe; eya ŋɔli anyigba la kpɔ gbɔdzɔe ƒe ewo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan