Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Kronika 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sisak ɖu Rexabeam dzi. Rexabeam ƒe dziɖuɖu ŋkeke mlɔeawo kple ku.

1 Ke esime Rexabeam ƒe fiaɖuƒe la li ke, eye ŋusẽ ɖo eŋu la, eya kple Israel blibo la gblẽ Yehowa ƒe se la ɖi.

2 Eye wòva me le fia Rexabeam ƒe ƒe atɔ̃lia me be, Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu, le esi womeɖi anukware na Yehowa o ta;

3 eye tasiaɖam akpe ɖeka kple alafa eve; kple sɔdola akpe blaade kpakple; aʋakɔ, si mele xexlẽ me o la, kpe ɖe eŋu tso Egipte, woawo nye: Lubitɔwo, Sukitɔwo kple Kusitɔwo.

4 Exɔ Yuda-du sesẽwo, eye wòva keke Yerusalem.

5 Eye nyagblɔɖila Semaya va Rexabeam kple Yuda-amegã, siwo si le Sisak nu va Yerusalem la gbɔ gblɔ na wo bena; Ale Yehowa gblɔ esi: Esi miegblẽm ɖi la, eyata nye hã metsɔ mi de asi na Sisak.

6 Tete Israel-amegãwo kple fia la wobɔbɔ wo ɖokui gblɔ bena: Yehowa tɔ dzo!

7 Eye esi Yehowa kpɔ be, wobɔbɔ wo ɖokui la, Yehowa ƒe gbe va Semaya gbɔ gblɔ bena: Wobɔbɔ wo ɖokui, eyata nyemagblẽ wo o, ke boŋ maxɔ na wo vie, eye nye dɔmedzoe mato Sisak dzi ava Yerusalem dzi o;

8 gake woasubɔe, ne wòadze si, alesi nye subɔsubɔ kple anyigba dzi fiaɖuƒewo ƒe subɔsubɔ le.

9 Tete Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu, eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe me, kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe me kesinɔnuwo; nuawo katã wòlɔ hekpe ɖe sikakpoxɔnu, siwo Salomo wɔ la ŋuti.

10 Eye fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wòtsɔ wode fia ŋu asrafo, siwo dzɔa fia ƒe aƒe mɔnu la ƒe amegãwo si.

11 Ne fia la yina ɖe Yehowa ƒe me godoo la, fia ŋu asrafoawo tsoa wo, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe fia ŋu asrafoawo ƒe xa me.

12 Esi wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe nu fa ɖe eŋu, eye metsrɔ̃e keŋkeŋ o. Nyuiwɔwɔ nu metso le Yuda keŋ o.

13 Ale fia Rexabeam li ke eɖokui, eye woɖu fia le Yerusalem. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa tia le Israel-toawo katã me, be wòatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu.

14 Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃, elabena metsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa didi ŋu o.

15 Rexabeam ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Semaya kple nukpɔla Ido ŋutinyawo me. Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.

16 Eye Rexabeam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, eye via Abiya zu fia ɖe eteƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan