2 Kronika 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu gbe aʋawɔwɔ kple Israel na Rexabeam. 1 Esi Rexabeam va Yerusalem la, eƒo Yuda kple Benyamin ƒe aƒe la nu ƒu, wole aʋawɔla tiatia akpe alafa ɖeka kple blanyi, ne woaɖawo aʋa kple Israel, eye woagbugbɔ fiaɖuƒe la na Rexabeam. 2 Tete Yehowa ƒe gbe va Mawu ƒe ame Semaya gbɔ bena: 3 Gblɔ na Yuda-fia Rexabeam, Salomo vi, kple Israel blibo, si nye Yuda kple Benyamin bena: 4 Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwò o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnye nya sia tso! Tete woɖo to Yehowa ƒe gbe hegbugbɔ, eye wodzudzɔ aʋahoho ɖe Yerobeam ŋu. Rexabeam le mɔ̃wo. 5 Eye Rexabeam nɔ Yerusalem, eye wòtso du sesẽwo ɖe Yuda 6 Etso Betlexem, Etam, Tekoa, 7 Bet-Zur, Soxo, Adulam, 8 Gat, Maresa, Zif, 9 Adorayim, Laxis, Azeka, 10 Zora, Ayalon kple Xebron, siwo le Yuda kple Benyamin, wòzu du sesẽwo. 11 Ewɔ mɔ siawo sesĩe, eɖe aʋafiawo ɖo wo me, eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wein ɖo ɖe wo me; 12 eda akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖe du sia du me, eye wòna wòzu du sesẽ ŋutɔwo. Yuda kple Benyamin nye etɔ. 13 Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo, siwo le Israel bliboa la, tso woƒe anyigbawo katã dzi va egbɔ; 14 elabena Lewi-viwo gblẽ woƒe duwo kple woƒe anyigbawo ɖi heʋu va Yuda kple Yerusalem, elabena Yerobeam kple viawo nyã wo, be womaganye nunɔlawo na Yehowa o. 15 Ke eya ŋuta ɖo nunɔlawo na nuxeƒewo kple azizãwo kpakple nyivi, siwo wòwɔ. 16 Eye amesiwo ƒe dzi le Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dim la, tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem, ne woasa vo na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. 17 Woawoe ti ke Yuda-fiaɖuƒe la, eye wodo ŋusẽ Rexabeam, Salomo vi la, ƒe etɔ̃; elabena woto Dawid kple Salomo ƒe ʋe me ƒe etɔ̃. Rexabeam srɔ̃wo kpakple viwo. 18 Eye Rexabeam ɖe Maxalat, Dawid vi Yerimot ƒe vinyɔnu, kple Abixayil, Isai vi Eliab ƒe vinyɔnu; 19 eya dzi ŋutsuviwo nɛ, siwo nye: Yeus, Semarya kple Zaham. 20 Eyome wòde Absalom vinyɔnu Maaxa; eya dzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ. 21 Eye Rexabeam lɔ̃ Absalom vinyɔnu Maaxa wu srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo katã, elabena eɖe srɔ̃ wuienyi, eye wòdze ahiã blaade, eye wòdzi ŋutsuvi blave vɔ enyi kple nyɔnuvi blaade. 22 Eye Rexabeam tsɔ Abiya, Maaxa vi, ɖo tame le nɔviawo dome, elabena edi be, yeatsɔe aɖo fiae. 23 Eye wòdze aɖaŋu hemã viawo katã ɖe du sesẽawo katã me le Yuda kple Benyamin ƒe anyigbawo katã dzi, ena nuɖuɖu wo kpaŋkpaŋ, eye, wòɖe srɔ̃ geɖe na wo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana